Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Takpekpea Ƒe Ŋkuɖodzinyawo

Takpekpea Ƒe Ŋkuɖodzinyawo

Míedi be lɔlɔ̃ na Mawu kple ame havi nafia mɔ mí le takpekpea wɔɣi abe ale si míewɔnɛ ɖaa ene. (Mt 22:37-39) Woƒo nu tso lɔlɔ̃ ŋu le 1 Korintotɔwo 13:4-8 be: “Lɔlɔ̃ gbɔa dzi blewu, eye wònyoa dɔme. . . . Mewɔa nu si medze o, media eya ŋutɔ tɔ o, mebia dzi o. . . . Lɔlɔ̃ nu metsina gbeɖe o.” Ne èle video si nye Takpekpea Ƒe Ŋkuɖodzinyawo kpɔm la, de ŋugble le mɔ siwo dzi nàto aɖe lɔlɔ̃ afia ame bubuwo le takpekpea me la ŋu.

ALEKE MÍAÐE LƆLƆ̃ AFIA . . .

  • ne míele teƒe lém ɖi?

  • ne esusɔ vie woadze haƒoƒo gɔme?

  • ne míele teƒe si míedze?

  • ne míetsɔ mía ɖokui na be míawɔ lɔlɔ̃nu faa dɔwo?