Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

April 4-10

HIOB 16-20

April 4-10
  • Hadzidzi 79 Kple Gbedodoɖa

  • Ŋgɔdonyawo (3 min. alo made o)

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME

  • De Dzi Ƒo Na Amewo Eye Nàtsɔ Nya Siwo Sɔ Afa Akɔ Na Wo”: (10 min.)

    • Hio 16:4, 5—Ele be ame si le aɖaŋu ɖom la ƒe nyawo nade dzi ƒo na ame (w90 3/15 27 mm. 1-2, ele yevugbe me)

    • Hio 19:2—Bildad ƒe nya tɔamewo na Hiob xa nu vevie (w06 3/15 15 mm. 5; w94 10/1 32, ele yevugbe me)

    • Hio 19:25—Tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa lé Hiob ɖe te esi wodoe kpɔ vevie (w06 3/15 15 mm. 4; it-2-E 735 mm. 2-3 [it-2-F 726 mm. 6-7])

  • Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi: (8 min.)

    • Hio 19:20 etenuŋɔŋlɔ—Hiob ƒe nya siwo nye “ayi si le nye aɖu ŋu koe metsɔ do le eme” la gɔme ɖe? (w06 3/15 14 mm. 12; it-2-E 977 mm. 1 [it-2-F 509 mm. 13])

    • Hio 19:26—Aleke Hiob awɔ ‘akpɔ Mawu’ evɔ amegbetɔ aɖeke mate ŋu akpɔ Yehowa o? (w94 11/15 19 mm. 17, ele yevugbe me)

    • Nu kae kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ fiam tso Yehowa ŋu?

    • Kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ me nya vevi kawoe mate ŋu azã le gbeadzi?

  • Biblia Xexlẽ: Hio 19:1-23 (4 min. alo made o)

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI

  • Dzra Ðo Ðe Ɣleti Sia Ƒe Dzeɖonyawo Ŋu: (15 min.) Numedzodzro. Ðe kpɔɖeŋudzeɖonya ƒe videoawo dometɔ ɖe sia ɖe eye miadzro eƒe akpa veviawo me. De dzi ƒo na gbeƒãɖelawo be woadzra woawo ŋutɔwo ƒe dzeɖonyawo ɖo.

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

  • Hadzidzi 42

  • Mɔnu Yeye Si Míazã Atsɔ Adze Dzeɖoɖo Gɔme”: (10 min.) Numedzodzro. De dzi ƒo na nɔviawo be woazã “Nya Kae Biblia Gblɔ?” atsɔ adze dzeɖoɖo gɔme kple susu be woadze Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme.

  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ: (5 min.) Hamemetsitsi ƒe nuƒo si wotu ɖe February 15, 2015, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 30, memama 4-6 dzi.

  • Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃: ia ta 12 mm. 13-25, kple numetotobiabia (30 min.)

  • Numetoto; Eyome He Susu Yi Nu Siwo Míasrɔ̃ Kwasiɖa Si Gbɔna Dzi (3 min.)

  • Hadzidzi 65 Kple Gbedodoɖa