Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Mɔnu Yeye Si Míazã Atsɔ Adze Dzeɖoɖo Gɔme

Mɔnu Yeye Si Míazã Atsɔ Adze Dzeɖoɖo Gɔme

Tso January 2016 dzi la, nyati si nye “Nya Kae Biblia Gblɔ?” dzena le Gbetakpɔxɔ ƒe tata si míemana la ƒe megbekpaa dzi. Wotrɔ asi le mɔnu yeye sia ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe Biblia me nyati aɖe dzi adze dzeɖoɖo gɔme kple amewo. Wotrɔ asi le mɔnu sia ŋu wòsɔ kple míaƒe trakt-awo. Nyabiase si ana amea nagblɔ eƒe susu kple ŋuɖoɖo si Ŋɔŋlɔa gblɔ kpakple nya bubu siwo me míadzro la le edzi.

Dzeɖoɖo tso Ŋɔŋlɔawo me nyati aɖe ŋu kple ame aɖe dzidzɔtɔe ate ŋu ana wòalɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye. Zã mɔnu yeye sia nàtsɔ akpe ɖe ame geɖe siwo gbɔgbɔmedɔ le wuwum la ŋu.—Mt 5:6.

ALE SI MÍAZÃ MƆNU SIAE:

  1. Bia aƒemenɔla wòagblɔ eƒe susu le nyabiaseawo dometɔ ɖeka ŋu

  2. Ðo toe eye nàda akpe nɛ ɖe eƒe ŋuɖoɖoa ta

  3. Xlẽ mawunyakpukpui si dze le tanya si nye “Nya Si Biblia Gblɔ” te, eye nàbia eƒe susu le mawunyakpukpuia ŋu. Ne amea vo vie la, zã nya siwo dze le akpa si nye “Nu Bubu Kae Míate Ŋu Asrɔ̃ Le Biblia Me?” dometɔ ɖeka nàtsɔ ayi dzeɖoɖoa dzi

  4. Tsɔ magazine la

  5. Wɔ ɖoɖo Kplii be yeatrɔ ava dzro nyabiase evelia me kplii