Woxɔ nɔvinyɔnu aɖe si megavaa kpekpeawo o la atuu le Fiaɖuƒe Akpataa me

AGBENƆNƆ KPLE SUBƆSUBƆDƆ KPEKPEA ƑE NUSRƆ̃GBALẼ April 2017

NEƲU   NETU

Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

Nyɔ! nana ƒe kpɔɖeŋudzeɖonya kple ale si míafia nyateƒe si ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu. Kpɔ kpɔɖeŋua dzi nàdzra wò ŋutɔ wò dzeɖonya ɖo.

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME

Na Yehowa Nakpɔ Ŋusẽ Ðe Wò Tamesusu Kple Nuwɔnawo Dzi

Zemela Gã la trɔa asi le mía ŋu míetua nɔnɔme nyuiwo ɖo le gbɔgbɔ me, gake ele be míawɔ míaƒe akpa dzi.

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Mixɔ Wo Nyuie

Ele be ame sia ame si ava míaƒe kpekpeawo nakpɔ ale si Kristotɔ vavãwo ɖea lɔlɔ̃ fiana le nuwɔna ŋutɔŋutɔwo me. Aleke nàte ŋu akpe ɖe ame yeyeawo ŋu be woaɖe dzi ɖi ahakpɔe be wolɔ̃ yewo le Fiaɖuƒe Akpataa me?

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME

Ðe ‘Dzi Si Ana Nàdze Si’ Yehowa Le Asiwòa?

Le Yeremiya ta 24 lia la, Yehowa Mawu tsɔ amewo sɔ kple gbotsetse. Ame kawoe le abe gbotsetse nyuiawo ene eye aleke míate ŋu asrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋua egbea?

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Àte Ŋu Ade Dzi Ƒo Na Kristotɔ Aɖe Si Gbɔdzɔ

Ame siwo gbɔdzɔ la gaxɔ asi na Yehowa Mawu. Nu kae míawɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu be woatrɔ ava hamea me?

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME

Dzi Nenɔ Ƒowò Abe Yeremiya Ene

Yeremiya gblɔe ɖi be woatsrɔ̃ Yerusalem. Nu kae na dzi nɔ eƒo?

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Fiaɖuƒehawo Doa Ŋusẽ Ame

Fiaɖuƒehawo dzidzi do ŋusẽ mía nɔviwo le Sachsenhausen fuwɔamegaxɔ me. Hadzidzi siawo ate ŋu ado ŋusẽ mí le yometitiwo me.

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME

Yehowa Gblɔ Nubabla Yeye La Ŋu Nya Ði

Mɔ ka nue nubabla yeye la to vovo na Se ƒe nubabla la le, eye nu ka tae míate ŋu agblɔ be nu nubabla yeye la ƒe viɖewo anɔ anyi tegbee?