Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

NYƆ!

Nyabiase: Egbea Filmwo kple television dzi wɔnawo ƒoa nu tso vivimeŋusẽ siwo nye adzetɔwo kple vampayawo ŋu zi geɖe. Nu kae nèsusu? Modzakaɖeɖe siwo me afɔku mele o koe wonye loo alo afɔku le wo mea?

Nya Si Nàgblɔ: Nyɔ! magazine sia ƒo nu tso nu si tae amewo kpɔa dzidzɔ ɖe vivimeŋu- sẽwo kple nu si tututu le megbe na vivime- ŋusẽ mawo ŋu la ŋu.

FIA NYATEƑEA

Nyabiase: Mɔ ka nue Mawu Fiaɖuƒea akpɔ xexe sia ƒe kuxiwo gbɔ le?

Mawunyakpukpui: Mt 6:10

Nyateƒea: Mawu Fiaɖuƒea ana ŋutifafa, ɖekawɔwɔ kple dedienɔnɔ nava anyigba dzi abe ale si wòwɔe le dziƒo xoxo ene.

NU KAE NYE MAWU FIAÐUƑE LA? (Tɔtrɔyi)

Nyabiase: [He susu yi nyabiase si nègblẽ ɖi si le trakt la ƒe megbekpaa dzi la dzi.] Aleke agbenɔnɔ anɔ le Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te?

Mawunyakpukpuiwo: Ps 37:29; Yes 65:21-23

Nya Si Nàgblɔ: [Tsɔ Nya Nyui gbalẽ gbadzaa fiae.] Nusɔsrɔ̃ 7 lia ƒo nu tso ale si ŋugbe- dodo siawo aɖe vi na mí katã la ŋu. [Zã agbalẽ gbadzaa nàtsɔ adze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kplii.]

ŊLƆ WÒ ŊUTƆ WÒ DZEÐONYA ÐI

Nɔ te ɖe kpɔɖeŋudzeɖonyawo dzi nàdzra wò ŋutɔ wò dzeɖonya ɖo.