Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Àte Ŋu Ade Dzi Ƒo Na Kristotɔ Aɖe Si Gbɔdzɔ

Àte Ŋu Ade Dzi Ƒo Na Kristotɔ Aɖe Si Gbɔdzɔ

Le Braɖa, April 11 lia dzi la, mía nɔvi Kristotɔ geɖe siwo gbɔdzɔ la ava Ŋkuɖodzia. Wodze agbedua ƒuƒu gɔme gake wova gbɔdzɔ le susu vovovowo ta. Woƒo nu tso susu mawo dometɔ aɖewo ŋu le agbalẽ gbadza si nye Trɔ Va Yehowa Gbɔ la me. (Heb 12:1) Gake ame siwo gbɔdzɔ la gaxɔ asi na Yehowa, ame si tsɔ Via ƒe ʋu ƒle wo la. (Dw 20:28; 1Pe 1:18, 19) Nu kae míawɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu be woatrɔ ava hamea me?

Hamemetsitsiwo dia nɔvi Kristotɔ siwo gbɔdzɔ eye wokpena ɖe wo ŋu abe ale si alẽkplɔla dia alẽ si bú tso alẽha la gbɔ ene. (Lk 15:4-7) Ne wowɔe alea la ke wole ale si Yehowa léa be na ame lɔlɔ̃tɔe la srɔ̃m. (Yr 23:3, 4) Mí katã míate ŋu ade dzi ƒo na ame siwo gbɔdzɔ la, menye hamemetsitsiwo ɖeɖe ko o. Ne míedze agbagba kpe ɖe wo ŋu eye míese nu gɔme na wo la, adze Yehowa ŋu eye wòaɖo eteƒe na mí. (Lod 19:17; Dw 20:35) Eya ta kpɔe ɖa be ame kae yeate ŋu ade dzi ƒo na hã, eye nàwɔe kaba!

MIKPƆ VIDEO SI NYE MIDE DZI ƑO NA GBƆDZƆGBƆDZƆTƆWO, EYOME MIÐO BIABIA SIWO GBƆNA LA ŊU:

  • Afɔ kae Abbey ɖe esi wòdo go Ðasefo aɖe si menya o?

  • Nu ka tae wòle be míate ɖe hamemetsitsiwo ŋu gbã ne míedi be míakpe ɖe nɔvi aɖe si gbɔdzɔ ŋu?

  • Nu kae Abbey wɔ tsɔ dzra ɖo hafi yi Laura gbɔ zi evelia?

  • Nu kae fia be Abbey mena ta o, egbɔ dzi ɖi, eye wòɖee fia Laura be yelɔ̃e esime wònɔ dzi dem ƒo nɛ?

  • Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe kpɔɖeŋu si le Luka 15:8-10 la me?

  • Nu kae do tso agbagba siwo Abbey kple hamemetsitsiawo dze be yewoakpe ɖe Laura ŋu me?