Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Fiaɖuƒehawo Doa Ŋusẽ Ame

Fiaɖuƒehawo Doa Ŋusẽ Ame

Paulo kple Sila dzi ha tsɔ kafu Mawu esime wonɔ gaxɔ me. (Dw 16:25) Le míaƒe ŋkekeawo me, esime mía nɔviwo nɔ Sachsenhausen fuwɔamegaxɔ me le Nazi Germany kple esime wolé nɔviwo yi Siberia la, wodzi Fiaɖuƒehawo. Kpɔɖeŋu siawo ɖe ale si gbegbe Fiaɖuƒehawo do ŋusẽ mía nɔvi Kristotɔ siwo nɔ yometitiwo me tom la.

Eteƒe madidi o woaɖe ‘Midzi Dzidzɔhawo’ Na Yehowa hadzigbalẽa gɔme ɖe gbegbɔgblɔ bubu geɖewo me. Ne míaƒe asi ka mía tɔ ko la, míate ŋu asrɔ̃ haawo le ƒometadedeagu me ale be míalé wo me nyawo ɖe susu me. (Ef 5:19) Esia awɔe be gbɔgbɔ kɔkɔea naɖo ŋku wo dzi na mí ne dodokpɔwo va mía dzi. Fiaɖuƒehawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaƒe susu nanɔ míaƒe mɔkpɔkpɔa dzi. Woate ŋu ado ŋusẽ mí ne míele dodokpɔwo me tom. Eye ne dzi le mía dzɔm la, hawo me nya siwo dea dzi ƒo na ame la ana ‘míadzi dzidzɔhawo’ le dzi ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ta. (1Kr 15:16; Ps 33:1-3) Eya ta mina míadze agbagba ɖe sia ɖe awɔ míaƒe Fiaɖuƒehawo ŋu dɔ nyuie!

MIKPƆ VIDEO SI NYE HA SI DO ŊUSẼ GAXƆMENƆLAWO. EYOME MÍAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Nɔnɔme kawoe na Nɔviŋutsu Frost kpa ha aɖe?

  • Aleke haa do ŋusẽ nɔviawo le Sachsenhausen fuwɔamegaxɔa me?

  • Nɔnɔme kawo mee Fiaɖuƒehawo ate ŋu ado ŋusẽ wò le gbe sia gbe?

  • Fiaɖuƒeha kawoe nàdi be yealé ɖe susu me?