Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Mixɔ Wo Nyuie

Mixɔ Wo Nyuie

Axɔ ame kawo nyuie? Ame sia ame si va míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpeawo, ame yeyewo kple míaƒe ame nyanyɛwo siaa. (Ro 15:7; Heb 13:2) Woate ŋu anye mía nɔvi siwo tso dukɔ bubu aɖe me va loo alo nɔvi aɖe si gbɔdzɔ si megava kpekpe kpɔ o ƒe geɖe. Nenye wòe ɖe, aleke nàse le ɖokuiwò me? Màdi be woaxɔ ye nyuie oa? (Mt 7:12) Eya ta nu ka tae màdze agbagba be yeatsa le Fiaɖuƒe Akpataa me ado gbe na vavalawo do ŋgɔ na kpekpea gɔmedzedze kple kpakpã megbe o? Esia ana kpekpea valawo naɖe dzi ɖi ahakpɔe be wolɔ̃ yewo eye esia hea kafukafu vɛ na Yehowa. (Mt 5:16) Enye nyateƒe be míate ŋu aɖo dze kple ame sia ame si va kpekpea kokoko ya o. Ke hã ame sia ame aɖe dzi ɖi ne mí katã míewɔ míaƒe akpa dzi. *

Menye ɣeyiɣi tɔxɛ aɖewo abe Ŋkuɖodzia ene koe míanyo dɔme na amewo o, ke boŋ míawɔe ɣesiaɣi. Ne ame yeyewo ŋutɔ kpɔ ale si Kristotɔ vavãwo ɖea lɔlɔ̃ fiana le nuwɔna ŋutɔŋutɔwo me la, aʋã wo woakafu Mawu eye woava wɔ ɖeka kpli mí le tadedeagu dzadzɛa me.—Yh 13:35.

^ mm. 3 Biblia ƒe mɔfiamewo kpe ɖe mía ŋu míekpɔe be mele be míade ha kple ame siwo woɖe le haa me alo dzudzɔ hadede kple hamea o nenye be wova kpekpea gɔ̃ hã.—1Ko 5:11; 2Yh 10.