Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

April 13-19

1 MOSE 31

April 13-19

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME

  • Yakob Kple Laban Bla Ŋutifafanu”: (10 min.)

    • 1Mo 31:44-46—Yakob kple Laban fɔ kpewo li kɔe eye woɖu nu le edzi tsɔ ɖo kpe nubablaa dzi (mwbr20.04 1 ¶1)

    • 1Mo 31:47-50—Wona ŋkɔ teƒea be Galed kple Gbetakpɔxɔ (mwbr20.04 1 ¶2)

    • 1Mo 31:51-53—Wodo ŋugbe na wo nɔewo be yewoayi edzi alé ŋutifafa me ɖe asi

  • Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi: (10 min.)

    • 1Mo 31:19—Nu ka tae Rahel fi fofoa ƒe terafim legbawo? (mwbr20.04 1 ¶3)

    • 1Mo 31:41, 42—Nu kae míesrɔ̃ tso Yakob ƒe kpɔɖeŋua me ku ɖe ale si míawɔ nu ɖe dɔtɔ ‘siwo ŋu nu medzena o’ la ŋu? (1Pe 2:18; w13 3/15 21 ¶8)

    • Mawu ƒe nyaa me kesinɔnu kawo ŋue nèke ɖo le kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ me ku ɖe Yehowa Mawu, gbeadzisubɔsubɔdɔa, alo nu bubu aɖe ŋu, si ŋu nàdi be yeaƒo nu tsoe?

  • Biblia Xexlẽ: (4 min. alo made o) 1Mo 31:1-18 (th nusɔsrɔ̃ 10)

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI

  • Yiyi Zi Gbãtɔ Ƒe Video: (4 min.) Numedzodzro. Na woaɖe videoa. Eye nàbia nya siawo: Aleke nɔvinyɔnua na nu si ŋu ŋɔŋlɔa ku ɖo la dze ƒãa? Aleke wòdzra aƒemenɔlaa ƒe susu ɖo na tɔtrɔyi wɔwɔ?

  • Yiyi Zi Gbãtɔ: (3 min. alo made o) Dze kpɔɖeŋudzeɖonyaa gɔme. Amea gblɔ dzeɖonyanutsinya aɖe gake ète ŋu ɖi ɖasea nɛ. (th nusɔsrɔ̃ 4)

  • Yiyi Zi Gbãtɔ: (5 min. alo made o) Dze kpɔɖeŋudzeɖonyaa gɔme. Eyome tsɔ Nya Nyui gbalẽ gbadzaa ɖeka na amea eye nàzã nusɔsrɔ̃ 5 lia atsɔ adze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kplii. (th nusɔsrɔ̃ 8)

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ