Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 1 MOSE 32-33

Ðe Nèle Ʋiʋlim Be Woayra Wòa?

Ðe Nèle Ʋiʋlim Be Woayra Wòa?

32:24-28

Be Yehowa nayra mí la, ele be míaku kutri vevie ayi edzi atsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me. (1Ko 9:26, 27) Yakob si tsi le ƒe me la, ɖo kpɔɖeŋu ɖi na mí le nɔnɔme si wòle be wòanɔ mía si ɖe Kristotɔwo ƒe agbanɔamedziwo ŋu. Míeɖenɛ fiana be míele Yehowa ƒe yayra dim . . . 

  • Ne míedzrana ɖo ɖe hame ƒe kpekpewo ŋu nyuie

  • Ne míedea gbeadzi edziedzi

  • Ne míedzea agbagba kpena ɖe amewo ŋu le hamea me

Nɔnɔme sesẽ ka ke me tom nèɖale o, nɔ gbe dom ɖa madzudzɔmadzudzɔe be Yehowa nayra ɖe kutri si kum nèle vevie be yeasubɔe la dzi.

BIA ÐOKUIWÒ BE, ‘Nye agbenɔnɔ ƒe akpa kawoe wòahiã be magaku kutri geɖe wu le be Yehowa nayram?’