Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Nu Kae Le Vevie Nam Wu Le Agbe Me?

Nu Kae Le Vevie Nam Wu Le Agbe Me?

Yakob te kame kple mawudɔla aɖe vevie le esi wòdi be Yehowa nayra ye ta. (1Mo 32:24-31; Ho 12:3, 4) Ke míawo ya ɖe? Ðe míele agbagba dzem be míaʋli vevie aɖo to Yehowa ne wòayra mía? Le kpɔɖeŋu me, tiatia kae nàwɔ ne wòhiã be nàde hamea ƒe kpekpe aɖe evɔ wò dɔwɔɖuia bia be nàwɔ dɔ gaƒoƒo ʋɛ aɖewo akpee? Ne míezã míaƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ kple nunɔamesi nyuitɔwo le Yehowa subɔsubɔ me la, adudu ‘yayra akɔ ɖe mía dzi va se ɖe esime naneke magahiã mí o.’ (Mal 3:10) Afia mɔ mí, akpɔ mía ta eye wòakpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ.—Mt 6:33; Heb 13:5.

MIKPƆ VIDEO SI NYE MINYA GBƆGBƆMETAÐODZINUWO, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Aleke nu si nɔvinyɔnua lɔ̃ vevie la va zu tetekpɔ nɛ?

  • Aleke wòate ŋu adzɔe be míaƒe dɔwɔɖuia nava zu tetekpɔ na mí?

  • Nu ka tae wòhiã be Timoteo naɖo taɖodzinuwo na eɖokui togbɔ be enye ame si tsi eye wonye gbɔgbɔmeme gɔ̃ hã?—1Ti 4:16

  • Nu kae le vevie na wò wu le agbe me?

    Nu kae míawɔ wòaɖe “dɔ si le vevie na mí” wu la afia?