Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

NYƆ!

Nyabiase: Mèkpɔe be ade mía dzi ne míetsɔ nɔnɔme nyuiwo mla mía ɖokui eye míeɖe asi le esiwo menyo o ŋu oa?

Mawunyakpukpui: Nyg 7:8a

Nya Si Nàgblɔ: Nyati siawo ƒo nu tso aɖaŋu siwo Biblia ɖo tso ale si míana numame nyuiwo naɖe vi na mí ŋu.

NYƆ!

Nyabiase: Míelɔ̃ alo míeɖalɔ̃ o tɔtrɔwo ava míaƒe agbe me godoo. Gake mɔ nyui ka dzie nèsusu be míato anɔ te ɖe wo nu?

Mawunyakpukpui: Nyg 7:10

Nya Si Nàgblɔ: [Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 10 lia fiae.] Nyati sia ƒo nu tso Biblia ƒe mɔfiame siwo akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe tɔtrɔ siwo ava nu la ŋu.

ÐO TO MAWU NE NÀNƆ AGBE TEGBEE

Nyabiase: Ŋkɔ le mía dometɔ ɖe sia ɖe si. Ŋkɔ le míaƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo hã si. Ke Mawu ƒe ŋkɔ ɖe?

Mawunyakpukpui: Ps 83:18

Nya Si Nàgblɔ: Agbalẽ gbadza sia ɖe nu geɖe me tso nu siwo Biblia fia tso Mawu ŋu la ŋu. [He susu yi axa 6 kple 7 lia me nyawo dzi.]

ŊLƆ WÒ ŊUTƆ WÒ DZEÐONYA ÐI

Nɔ te ɖe kpɔɖeŋudzeɖonyawo dzi nàdzra wò ŋutɔ wò dzeɖonya ɖo.