Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | PSALMOWO 87-91

Nɔ Dziƒoʋĩtɔ La Ƒe Bebeƒe

Nɔ Dziƒoʋĩtɔ La Ƒe Bebeƒe

Yehowa ƒe “bebeƒe” la nana míenɔa dedie le gbɔgbɔ me

91:1, 2, 9-14

  • Egbea ehiã be míaɖe adzɔgbe ahaxɔ nyɔnyrɔ hafi ate ŋu anɔ Yehowa ƒe bebeƒea

  • Ame siwo meɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu o la menya bebeƒe sia o

  • Ame aɖeke alo naneke mate ŋu ana ame siwo le Yehowa ƒe bebeƒe la naɖe asi le woƒe xɔse loo alo woƒe lɔlɔ̃ na Mawu ŋu o

“Xevimɔ̃trela” la dina be yeatre mɔ̃ na mí

91:3

  • Xeviwo dze aye eya ta menɔa bɔbɔe be mɔ̃ naɖe wo o

  • Xevimɔ̃trelawo léa ŋku ɖe xeviwo ƒe nuwɔna ŋu nyuie eye wodia mɔ si dzi woato atre mɔ̃ na wo

  • Satana si nye “xevimɔ̃trela” la léa ŋku ɖe Yeho- wa ƒe amewo ŋu nyuie eye wòtrea mɔ̃ siwo ana woadze afɔku le gbɔgbɔ me la na wo

Satana ƒe mɔ̃ vevi ene aɖewo nye esi:

  • Amegbetɔ Vɔvɔ̃

  • Ŋutilãmenuwo Didi

  • Modzakaɖeɖe Gbegblẽwo

  • Masɔmasɔwo