Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | PSALMOWO 102-105

Yehowa Ðoa Ŋku Edzi Be Kewɔ Míenye

Yehowa Ðoa Ŋku Edzi Be Kewɔ Míenye

David zã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔwo tsɔ wɔ ale si Yehowa kpɔa nublanui na míi la ƒe kpɔɖeŋu.

  • 103:11

    Abe ale si míate ŋu anya ale si gbegbe dziƒo didi tso anyigba gbɔe o ene la, nenema kee míate ŋu ase ale si gbegbe Yehowa ƒe amenuveve de toe gɔme bliboe o

  • 103:12

    Yehowa tea míaƒe nu vɔ̃wo yia adzɔge ʋĩi abe ale si ɣedzeƒe didi tso ɣetoɖoƒe gbɔe ene

  • 103:13

    Abe ale si vifofo ƒe dɔme trɔna ɖe via si xɔ abi ŋu ene la, nenemae Yehowa hã kpɔa nublanui na nu vɔ̃ wɔla trɔdzime siwo se veve ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta