Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Míawɔ Gbeƒãɖeɖedɔ Tɔxɛ Aɖe Atsɔ Ama Gbetakpɔxɔ Le September Me

Míawɔ Gbeƒãɖeɖedɔ Tɔxɛ Aɖe Atsɔ Ama Gbetakpɔxɔ Le September Me

Amewo hiã na akɔfafa le xexea me godoo. (Nyg 4:1) Le September ƒe ɣleti bliboa me la, míadze agbagba etɔxɛe ana Gbetakpɔxɔ si aƒo nu tso akɔfafa ŋu. Míadze agbagba amae na ame gbogbo aɖewo. Esi míedi be míaƒo nu na ameawo ŋutɔ tẽe ahafa akɔ na wo ta la, mègagblẽ magazine aɖeke ɖi na ame siwo mètu le aƒe me o.

NYA SI NÀGBLƆ

“Mí katã míehiãa akɔfafa ɣeaɖewoɣi. Gake afi kae míakpɔe le?” [Xlẽ 2 Korintotɔwo 1:3, 4.] Gbetakpɔxɔ sia ƒo nu tso ale si Mawu faa akɔ na míi la ŋu.”

Ne amea tsɔ ɖe le eme eye wòxɔ magazinea la ekema, . . .

ÐE VIDEO SI NYE NU KA TAE WÒNYO BE NÀSRƆ̃ BIBLIA? FIAE

Emegbe do Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe egbɔ.

ÐO GƆMEÐOANYI NA TƆTRƆYIWƆWƆ

Bia nya aɖe si ŋu nàva ɖo ne ètrɔ va, àte ŋu abia be, “Nu ka tae Mawu ɖe mɔ amewo kpea fu?