Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Kpe Ðe “Ame Siwo Si Dzi Ƒe Nɔnɔme Nyui Le” Ŋu Woazu Nusrɔ̃lawo

Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Kpe Ðe “Ame Siwo Si Dzi Ƒe Nɔnɔme Nyui Le” Ŋu Woazu Nusrɔ̃lawo

NU SI TA WÒLE VEVIE: Yehowa nana nyateƒea ƒe kuwo tsina le “ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ” la ƒe dziwo me. (Dw 13:48; 1Ko 3:7) Míewɔa dɔ kple Yehowa ne míele gbeadzi eye míena míaƒe susu nɔa ame siwo le agbagba dzem be yewoawɔ ɖe nu siwo yewosrɔ̃na dzi la ŋu. (1Ko 9:26) Ele be Biblia nusrɔ̃viwo nase egɔme be ele vevie be ame naxɔ nyɔnyrɔ azu Kristotɔ hafi ate ŋu akpɔ ɖeɖe. (1Pe 3:21) Ne míekpe ɖe wo ŋu be woazã nu siwo srɔ̃m wole atsɔ awɔ tɔtrɔwo le woƒe agbe me, aɖe gbeƒã, afia nu amewo, eye woatsɔ woƒe agbe aɖe adzɔgbe na Yehowa la, ke míele kpekpem ɖe wo ŋu be woazu nusrɔ̃lawo.—Mt 28:19, 20.

ALE SI NÀWƆE:

  • Ðo ŋku edzi na Biblia nusrɔ̃viwo be taɖodzinu si le nu si srɔ̃m wole ŋue nye be wòakpe ɖe wo ŋu “woanya” Yehowa, eye wòana woƒe nu nadze eŋu.—Yh 17:3

  • Kpe ɖe wo ŋu be woayi edzi anɔ te ɖe kuxiwo abe nɔnɔme gbegblẽwo kple hadede vɔ̃wo ene nu, eye woato esia dzi ayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me

  • Do ŋusẽ wo hafi woaxɔ nyɔnyrɔ eye ne woxɔe vɔ megbe hã, yi edzi nanɔ ŋusẽ dom wo.—Dw 14:22

MIKPƆ VIDEO SI NYE YEHOWA MAWU AKPE ÐE ŊUWÒ, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Nu kawoe ate ŋu awɔe be ame aɖe navɔ̃ be yeaɖe adzɔgbe axɔ nyɔnyrɔ?

  • Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu akpe ɖe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu be woayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me?

  • Nu kae Yesaya 41:10 fia mí tso Yehowa ŋu?

  • Nɔnɔme kawoe akpe be ɖe mía ŋu míasubɔ Yehowa wòadze eŋu togbɔ be míede blibo o hã?

Aleke míewɔa dɔ kple Yehowa be míawɔ amewo woanye nusrɔ̃lawo?