Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Trɔ Ðe Nɔnɔmeawo Ŋu

Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Trɔ Ðe Nɔnɔmeawo Ŋu

NU SI TA WÒLE VEVIE: Amesiamina kple alẽ bubuawo siaa le ame ƒomeviwo katã kpem be woava ‘xɔ agbetsi la ano faa.’ (Nyɖ 22:17) Kpɔɖeŋutsi sia le tsi tre ɖi na ɖoɖo siwo katã Yehowa wɔ be yeatsɔ aɖe amegbetɔ toɖolawo katã tso nu vɔ̃ kple ku me. Be míate ŋu akpe ɖe ame siwo si dzixɔse kple dekɔnu vovovo le ŋu la, ele be míaƒo nu tso “nya nyui mavɔ” la ŋu le mɔ si aɖo dzi gbɔ na ame ɖe sia ɖe la nu.—Nyɖ 14:6.

ALE SI NÀWƆE:

  • Tia nyati kple ŋɔŋlɔ aɖe si aɖo amewo ƒe dzi gbɔ le wò anyigbamamaa me. Àte ŋu atia kpɔɖeŋudzeɖonya alo azã bubu aɖe si wɔa dɔ nyuie na wò. Nyati kple ŋɔŋlɔ kawoe dzɔa dzi na amewo? Ðe nane dzɔ nyitsɔ laa si le susu me na amewoa? Nya kae ado dzidzɔ na ŋutsu alo nyɔnu?

  • Do gbe na amewo abe ale si wowɔnɛ le míaƒe nutoa me ene nàtsɔ adze wò dzeɖoɖoa gɔme.—2Ko 6:3, 4

  • Nya agbalẽ kple video siwo le Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nui me la nyuie ale be nàte ŋu azã wo atsɔ akpe ɖe ame si ɖe ɖetsɔleme fia la ŋu

  • Wɔ agbalẽ alo video siwo le gbe vovovo dola siwo le wò anyigbamama me la ƒe kɔpi

  • Trɔ asi le wò nyawo ŋu woasɔ na ame si nèdo goe. (1Ko 9:19-23) Le kpɔɖeŋu me, nya kae nàgblɔ ne ède dzesii be ame vevi aɖe ku na aƒemenɔlaa nyitsɔ laa?

MIKPƆ VIDEOA, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Dzeɖonya ka ŋue gbeƒãɖelaa te nuƒoƒo tsoe na aƒemenɔlaa?

  • Nu ka me tomee aƒemenɔlaa le?

  • Ŋɔŋlɔ kae va wɔ dɔ wu le afi sia, eye nu ka tae?

  • Aleke nètrɔa asi le wò dzeɖonyaa ŋu be wòaɖo dzi gbɔ na ame siwo le wò anyigbamamaa me?