Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

NYƆ!

Nyabiase: Metsɔ Nyɔ! magazine yeyetɔ la vɛ na wò. Kpɔ nyabiase si le axa 2 lia ɖa. Nu kae nèsusu tso eŋu?

Mawunyakpukpui: Lod 24:10

Nya Si Nàgblɔ: Nyati sia dzro mɔfiame vevi bubu siwo ku ɖe nya siawo ŋu me.

NYƆ!

Nyabiase: Mèkpɔe be enyo ŋutɔ be nàtia ame siwo anye xɔlɔ̃ nyuiwo na wò oa?

Mawunyakpukpui: Lod 13:20

Nya Si Nàgblɔ: Aɖaŋuɖoɖo nyui aɖewo le Nyɔ! sia me ku ɖe ale si míawɔ adze xɔlɔ̃ nyuiwo ŋu. [He susu yi nyati si le axa 10-11 la dzi.]

ÐO TO MAWU

Nyabiase: Àdi be yeanɔ xexe aɖe si le abe esia ene mea? [Tsɔ axa 2-3 fiae, eye nàɖe mɔ wòagblɔ eƒe susu.]

Mawunyakpukpui: Yr 29:11

Nya Si Nàgblɔ: Agbalẽ sia fia ale si míaɖo to Mawu ale be míava nɔ agbe le xexe si ƒe ŋugbe wòdo la me. [Midzro axa 4-5 me.]

ŊLƆ WÒ ŊUTƆ WÒ DZEÐONYA ÐI

Nɔ te ɖe kpɔɖeŋudzeɖonyawo dzi nàdzra wò ŋutɔ wò dzeɖonya ɖo.