Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | NEHEMIYA 9-11

Tadeagula Wɔnuteƒewo Kpe Asi Ðe Teokrasiɖoɖowo Ŋu

Tadeagula Wɔnuteƒewo Kpe Asi Ðe Teokrasiɖoɖowo Ŋu

Mawu ƒe amewo lɔ̃ faa kpe asi ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu le mɔ vovovowo nu

10:28-30, 32-39; 11:1, 2

  • Dukɔ la dzra ɖo eye woɖu Agbadɔŋkekenyui la le mɔ nyuitɔ nu.

  • Dukɔ la ƒoa ƒu gbe sia gbe be yewoaɖo to Mawu ƒe Sea xexlẽ, eye esia na wokpɔ dzidzɔ.

  • Dukɔ la ʋu woƒe nu vɔ̃wo me, do gbe ɖa, eye wobia Yehowa be wòayra yewo.

  • Dukɔ la lɔ̃ ɖe edzi be yewoayi edzi akpe asi ɖe teokrasiɖoɖowo ŋu.

Teokrasiɖoɖo siwo ŋu wokpe asi ɖo dometɔ aɖewo nye:

  • Srɔ̃ɖeɖe tso Yehowa subɔlawo ko dome

  • Gadzɔdzɔ

  • Sabat la ɖuɖu

  • Nakefɔfɔ hena vɔsamlekpuia

  • Agblemenukuwo kple lãwo ƒe gbãtɔwo tsɔtsɔ na Yehowa