Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

“Bu Fofowò Kple Dawò”

“Bu Fofowò Kple Dawò”

Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, ete gbe ɖe sedede si gblɔ be: “Bu fofowò kple dawò” la dzi vevie. (2Mo 20:12; Mt 15:4) Le nyateƒe me la, esi Yesu ‘yi edzi ɖo to’ edzilawo le eƒe sɔhɛ me ta la, ete ŋu ƒo nu tso nya sia ŋu faa. (Lk 2:51, etenuŋɔŋlɔ) Ema tae esi wòtsi la, ewɔ ɖoɖo ɖe ale si woakpɔ nɔa dzi la ŋu hafi ku.—Yh 19:26, 27.

Egbea hã, sɔhɛ Kristotɔ siwo ɖoa to wo dzilawo eye woƒoa nu na wo bubutɔe la, le bubu dem wo dzilawo ŋu. Nya lae nye be, seɖoƒe meli na sedede si nye be woade bubu ame dzilawo ŋu la ŋu o. Ne mía dzilawo tsi gɔ̃ hã, ele be míayi edzi ade bubu wo ŋu ale be woƒe nunya naɖe vi na mí. (Lod 23:22) Míedea bubu mía dzila tsitsiwo ŋu ne míekpɔa woƒe seselelãme nuhiahiãwo kple woƒe ganyawo hã gbɔ le ale si nɔnɔmeawo bia nu. (1Ti 5:8) Míeɖanye ɖeviwo alo ame tsitsiwo o, dzeɖoɖo kple mía dzilawo edziedzie nye mɔ vevitɔ si dzi míato aɖee afia be míedea bubu wo ŋu.

MIKPƆ NUTATA ƑE VIDEO SI NYE ALEKE MAWƆ AÐO DZE KPLE DZINYELAWO? EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Nu ka tae wòate ŋu asesẽ na wò be nàɖo dze kple dziwòlawo?

  • Nu kae nàwɔ wòafia be ède bubu dziwòlawo ŋu ne èle dze ɖom kpli wo?

  • Nu ka tae wòɖea vi ne èdze agbagba ɖo dze kple dziwòlawo? (Lod 15:22)

    Ne èɖoa dze kple dziwòlawo la, akpe be ŋuwò be nuwo nadze edzi na wò le agbe me