Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Wɔ Nyabiasewo Ŋu Dɔ Nyuie

Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Wɔ Nyabiasewo Ŋu Dɔ Nyuie

NU SI TA WÒLE VEVIE: Ne “ame ƒe dzime- susu le abe tɔ goglo ene” la, ke nyabiasewo le abe tɔkpo si míatsɔ adui ene. (Lod 20:5) Nyabiasewo nana ame siwo ɖoa to mí la dea nu dzeɖoɖoa me. Nya siwo míebia nyuie, si ŋu amea ɖo la akpe ɖe mía ŋu míanya nu si le susu me nɛ. Yesu wɔ nyabiasewo ŋu dɔ nyuie. Aleke míate ŋu asrɔ̃e?

ALE SI NÀWƆE:

  • Bia nya siwo ana amea nagblɔ eƒe susu. Yesu bia nya vovovowo be yeanya nu si le susu me na yeƒe nusrɔ̃lawo. (Mt 16:13-16 be 238 mm. 3-5) Nya kawoe nàte ŋu abia be amea naɖe nu si le eƒe susu me agblɔ?

  • Bia nya si ana woabu tame. Be Yesu naɖɔ Petro ƒe susu ɖo la, ebia nya aɖewoe eye wogblɔ nya bubu siwo ana Petro nate ŋu aƒo nya ta nyuie. (Mt 17:24-26) Nya kawoe nàte ŋu abia si ana ame aɖe nabu tame ale be wòaƒo nya ta nyuie?

  • Kafu amea. Esi agbalẽfiala aɖe ‘ɖo nya ŋu nunyatɔe’ la, Yesu kafui. (Mr 12:34) Ne ame aɖe ɖo biabia aɖe ŋu vɔa, aleke nàkafui?

MIKPƆ VIDEO SI NYE WƆ DƆ SIWO YESU WƆ—FIA NU, ƑE AKPA GBÃTƆ, EYOME MIÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Nu ka tae nufiafia alea nye kpɔɖeŋu gbegblẽ togbɔ be nyawo de hã?

  • Nu kae wòle be míawɔ tsɔ wu be míanɔ nyaawo me ɖem ko?

MIKPƆ VIDEOA ƑE AKPA EVELIA, EYOME MIÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Aleke nɔviŋutsua wɔ nyabiasewo ŋu dɔ nyuie?

  • Nɔvia ƒe nufiafia ƒe akpa bubu kawoe míate ŋu asrɔ̃?

Ŋusẽ kae míaƒe nufiafia kpɔna ɖe amewo dzi? (Lk 24:32)