Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | MATEO 18-19

Kpɔ Nyuie Be Nàgazu Nukikli Na Amewo Kple Wò Ŋutɔ Ðokuiwò O

Kpɔ Nyuie Be Nàgazu Nukikli Na Amewo Kple Wò Ŋutɔ Ðokuiwò O

Yesu wɔ kpɔɖeŋuwo tsɔ fia nu tso ale si gbegbe wònye ŋkubiãnya be míawo ŋutɔwo míakli nu alo azu nukikli na ame bubuwo ŋu.

18:6, 7

  • “Nukikli,” (etenuŋɔŋlɔ) fia nuwɔna alo nɔnɔme aɖe si nana ame va nɔa afɔ gbegblẽ ɖem, akli nu, adzudzɔ agbe nyui nɔnɔ, alo adze nu vɔ̃ me

  • Ade ame si ɖia ame bubu nu alo na wòkli nu la dzi kura wu ne wotsi té ɖe kɔ nɛ, eye woyi ɖadze atsiaƒu me

Téwo

18:8, 9

  • Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo be woaɖe nane si xɔ asi abe asi alo ŋku ene ɖa nenye be ehea wo dea nu vɔ̃ me alo nana woklia nu

  • Ade mía dzi kuraa wu be míabú ŋutinu vevi aɖe ale be míage ɖe Mawu Fiaɖuƒea me, tsɔ wu be míaku ɖe nu ma ŋu eye míava do ɖe Gehena, si fia tsɔtsrɔ̃ ɖikaa

Nye agbenɔnɔ ƒe akpa kae ate ŋu ava zu nukikli, eye nu kae mawɔ be magazu nukikli na amewo kple nye ŋutɔ ɖokuinye o?