Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | MATEO 12-13

Lu Kple Gbe Vɔ̃ɖiawo Ƒe Lododoa

Lu Kple Gbe Vɔ̃ɖiawo Ƒe Lododoa

Yesu do lo ku ɖe lu kple gbe vɔ̃ɖiawo ŋu tsɔ fia ɣeyiɣi kple mɔ si dzi wòato aƒo Kristotɔ amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo bliboa, siwo nye luawo nu ƒu, si adze egɔme tso ƒe 33 K.Ŋ.

13:24

‘Ame aɖe wu nuku nyui ɖe eƒe agble me’

  • Nukuwula: Yesu Kristo

  • Wowu nuku nyuiawo: Wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na Yesu ƒe nusrɔ̃lawo

  • Agble la: Amegbetɔwo

13:25

“Esi amewo dɔ alɔ̃ la, eƒe futɔ va wu gbe vɔ̃ɖi ɖe luawo dome”

  • Futɔ la: Abosam

  • Amewo dɔ alɔ̃: Esi apostoloawo ku

13:30

“Mina wo kple evea siaa natsi va se ɖe nuŋeɣi la”

  • Lu la: Kristotɔ amesiaminawo

  • Gbe vɔ̃ɖiawo: Alakpa Kristotɔwo

“Miho gbe vɔ̃ɖiawo gbã, eye . . . , emegbe miaƒo lu la nu ƒu”

  • Kluviwo/nuŋelawo: Mawudɔlawo

  • Gbe vɔ̃ɖiawo hoho: Woɖe alakpa Kristotɔwo ɖe vovo tso Kristotɔ amesiaminawo gbɔ

  • Luawo nu ƒoƒo ƒu ɖe nudzraɖoƒe: Woƒo Kristotɔ amesiaminawo nu ƒu ɖe hame si ŋu wokɔ la me

Esi nuŋeɣia dze egɔme la, nu kae na Kristotɔ vavãwo to vovo tso alakpa Kristotɔwo gbɔ?

Aleke lododo sia gɔme sese ɖe vi nam?