Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | ROMATƆWO 4-6

“Mawu Ðe Eya Ŋutɔ Ƒe Lɔlɔ̃ Na Mí Fia”

“Mawu Ðe Eya Ŋutɔ Ƒe Lɔlɔ̃ Na Mí Fia”

5:​8, 18, 21

Yehowa ƒe nunana si nye tafea le vevie be wòakɔ eƒe ŋkɔa ŋu, eye wòaɖee afia be eyae dze eye wònye dziɖula nyuitɔ. Gake tafea gakpena ɖe mía ŋu be mí kple Yehowa dome nanɔ nyuie fifia eye to edzi la, mɔnukpɔkpɔa nasu ame siwo ɖoa to Mawu si be woava nɔ agbe le dzidzɔ me tegbee.

Nu kae míawɔ wòafia be míekpɔ ŋudzedze ɖe tafea ŋu?

  • Ne míeɖe adzɔgbe hexɔ nyɔnyrɔ la, afia be míexɔ tafea dzi se eye míedi be míanye Yehowa tɔ

  • Ne míeɖea gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia la, afia be míele ale si Yehowa lɔ̃a ame ƒomeviwo katã la srɔ̃m.—Mt 22:39; Yh 3:16

Mɔ bubu kawo nue mate ŋu aɖee afia le be mekpɔa ŋudzedze ɖe nunana si nye tafea ŋu?