Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Yi Edzi Nàtsɔ Dzidodo Anɔ Lalam

Yi Edzi Nàtsɔ Dzidodo Anɔ Lalam

Ɣeyiɣi didi kae nye esia nèle lalam be Mawu Fiaɖuƒea nava? Togbɔ be èle nɔnɔme sesẽwo me tom hã, ɖe nèyi edzi le lalam dzigbɔɖitɔea? (Ro 8:25) Wolé fu Kristotɔ aɖewo, wɔa ŋlɔmi le wo ŋu, dea wo gaxɔ me, alo tsɔ ku gɔ̃ doa ŋɔdzi na wo. Dɔmavɔleameŋu alo tsitsi hã nye kuxi siwo me tom mía nɔvi gbogbo aɖewo le.

Nu kae akpe ɖe mía ŋu míatsɔ didi vevie anɔ lalam le nɔnɔme sesẽwo me? Ele be míaxlẽ Biblia gbe sia gbe eye míade ŋugble le eŋu be wòado ŋusẽ míaƒe xɔse. Ele be nu siwo míele mɔ kpɔm na nanɔ susu me na mí. (2Ko 4:16-18; Heb 12:2) Ele be míado gbe ɖa aƒo koko na Yehowa be wòana gbɔgbɔ kɔkɔea nado ŋusẽ mí. (Lk 11:10, 13; Heb 5:7) Mía Fofo si lɔ̃ mí la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be ‘míado dzi bliboe le dzigbɔgbɔ blewu kple dzidzɔ me.’—Kol 1:11.

MIKPƆ VIDEO SI NYE ELE BE ‘MÍATSƆ DZIDODO ANƆ DUÐIMEKEKEA DZI’—KA ÐE EDZI BE YEAXƆ FETUA, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • “Nuɖiɖeame” kawoe ate ŋu adzɔ ɖe mía dzi le agbe me? (Nyg 9:11)

  • Ne míedo gbe ɖa le nɔnɔme sesẽwo me la, aleke wòate ŋu akpe ɖe mía ŋui?

  • Ne míegate ŋu le dɔ geɖe wɔm na Yehowa abe tsã ene o la, nu ka tae wòle be míaƒe susu nanɔ esi míete ŋu le wɔwɔm fifia ŋu?

  • Na wò susu nanɔ fetua dzi

    Nu kae kpena ɖe ŋuwò nèkana ɖe edzi be yeƒe asi asu fetua dzi?