Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | ROMATƆWO 9-11

Amiti Ŋuti Lododoa

Amiti Ŋuti Lododoa

11:16-26

Nu kae kpɔɖeŋu ƒe amiti la ƒe akpa vovovoawo le tsitre ɖi na?

  • Atia: ale si Mawu ƒe tameɖoɖo ava eme to nu, si wòbla kple Abraham dzi

  • Atikpoa: Yesu, si nye Abraham ƒe dzidzimevia ƒe akpa vevitɔ

  • Alɔawo: Abraham ƒe dzidzimevia ƒe akpa evelia ƒe xexlẽme bliboa

  • Alɔ siwo “wolã”: dzɔdzɔme Yudatɔ siwo gbe Yesu

  • Alɔ siwo ‘wodo ɖe edzi’: Kristotɔ siwo tso dukɔwo me siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na

Abe ale si wogblɔe ɖi ene la, Abraham ƒe dzidzimevi si nye Yesu kple ame 144,000 la, ana woayra “dukɔwo me tɔwo” katã.—Ro 11:12; 1Mo 22:18

Nu kae mesrɔ̃ tso Yehowa ŋu le mɔ si dzi wòto na eƒe tameɖoɖo si ku ɖe Abraham ƒe dzidzimevia ŋu la va eme la me?