Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Ðe Asi Le Biblia Nusrɔ̃vi Siwo Mele Ŋgɔ Yim O Ŋu

Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Ðe Asi Le Biblia Nusrɔ̃vi Siwo Mele Ŋgɔ Yim O Ŋu

NU SI TA WÒLE VEVIE: Ele be amewo nayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ale be woakpɔ ɖeɖe. (Ro 10:13, 14) Ke hã, menye ame sia ame si lɔ̃ be míasrɔ̃ Biblia kpli yee di be yeawɔ ɖe Yehowa ƒe nudidiwo dzi o. Ele be míawɔ míaƒe ɣeyiɣi xɔasiawo ŋu dɔ nyuie le gbeadzi atsɔ akpe ɖe ame siwo di ŋutɔŋutɔ be yewoatrɔ yewoƒe nɔnɔme wòadze Yehowa ŋu la ŋu. Ne Biblia nusrɔ̃vi aɖe mele ŋgɔ yim esi ɣeyiɣiawo va le yiyim o la, ele be míadzudzɔ nua sɔsrɔ̃ kplii, ale be míadi ame siwo hem Yehowa le va eɖokui gbɔ kple eƒe habɔbɔa me la boŋ. (Yh 6:44) Gake emegbe kura ne amea va wɔ tɔtrɔ siwo ɖee fia be ‘nɔnɔme nyui le ye si hena agbe mavɔ kpɔkpɔ la,’ míagate ŋu ayi Biblia nusɔsrɔ̃a dzi kplii faa.—Dw 13:48.

ALE SI NÀWƆE:

  • Kafu nusrɔ̃via ɖe ale si wòdi be sidzedze vavãtɔ nasu ye si la ta.—1Ti 2:4

  • He eƒe susu yi nu si tae wòle vevie be wòatsɔ nu siwo wòsrɔ̃ va yi awɔ dɔe la dzi.—Lk 6:46-49

  • Dzro Yesu ƒe lododo si ku ɖe nukuwulaa ŋu me kplii le tufafa me, eye nàdoe ɖe egbɔ be wòabu nu si le mɔ xem nɛ la ŋu.—Mt 13:18-23

  • Ðe susu si tae nèdi be yeadzudzɔ nua sɔsrɔ̃ kplii la me nɛ aɖaŋutɔe

  • Na wòanya be tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣia, yeava nɔ esrãm kpɔ anɔ dzi dem ƒo nɛ ale be ne ewɔ tɔtrɔ siwo hiã la, yewoagadze nusɔsrɔ̃a gɔme

MIKPƆ VIDEOA, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Nu kae nède dzesii le dzeɖoɖoa me si na nèkpɔe be nusrɔ̃via menɔ ŋgɔ yim le gbɔgbɔ me o?

  • Aleke gbeƒãɖelaa kpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòkpɔe be ele be yeawɔ tɔtrɔwo?

  • Nu kae gbeƒãɖelaa wɔ si fia be eʋu mɔa ɖi be yewoagate ŋu ayi nusɔsrɔ̃a dzi le etsɔme?