Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ðe Nèkpɔa Mawu Ƒe Nɔnɔme Makpɔmakpɔawoa?

Ðe Nèkpɔa Mawu Ƒe Nɔnɔme Makpɔmakpɔawoa?

Ne èkpɔ seƒoƒo aɖe si le amadede me, ɣletivi siwo le yame, alo se tsitsetse ƒe gbeɖeɖe la, ɖe nèkpɔa Wɔlaa ƒe asinudɔwɔwɔwoa? Nuwɔwɔ siwo ƒo xlã mí nana míekpɔa Yehowa ƒe nɔnɔme makpɔmakpɔawo gaglã. (Ro 1:20) Ne míetɔ vie eye míede ŋugble le nu siwo kpɔm míaƒe ŋkuwo le ŋu la, míekpɔa Mawu ƒe ŋusẽ, lɔlɔ̃, nunya kple dzɔdzɔenyenye kpakple eƒe dɔmenyonyo.—Ps 104:24.

Yehowa ƒe nuwɔwɔ siwo nèkpɔna gbe sia gbe dometɔ aɖewo ɖe? Ne dugã mee nèle gɔ̃ hã, anɔ eme be èkpɔa xeviwo alo atiwo. Ne míeléa ŋku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu la, akpe ɖe mía ŋu míaɖe dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ, susu nyui nanɔ mía si ɖe míaƒe kuxiwo ŋu, eye wòana míagaxɔ Yehowa dzi ase be alé be na mí yi mavɔ me. (Mt 6:25-32) Ne viwo le asiwò la, kpe ɖe wo ŋu woakpɔ Yehowa ƒe nɔnɔme siwo ɖeke mesɔ kplii o la. Ne Mawu ƒe nuwɔwɔwo va le dzi lém na mí ɖe edzi la, ana míagate ɖe Wɔlaa ŋu wu.—Ps 8:3, 4.

MIKPƆ VIDEO SI NYE MAWU ƑE NUWƆWƆ WƆNUKUWO ÐEA EƑE GÃNYENYE FIANA—KEKELI KPLE AMADEDE, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Nu kae nana míekpɔa amadedewo?

  • Nu kae nana míekpɔa amadede vovovowo le amadede ɖeka ma me?

  • Nu ka tae míekpɔa amadede vovovowo le yame?

  • Amadede siwo dze le nu siwo Mawu wɔ me kawoe nèkpɔna le afi si nèle?

  • Nu ka tae wòle be míadi ɣeyiɣi atsɔ alé ŋku ɖe nu siwo Mawu wɔ ŋu?

Nu kae kekeli kple amadede na míesrɔ̃ tso Yehowa ƒe nɔnɔmewo ŋu?