Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

January 20-26

PSALMO 138-139

January 20-26

Hadzidzi 93 Kple Gbedodoɖa | Ŋgɔdonyawo (1 min.)

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME

1. Mègana Vɔvɔ̃ Nawɔe Be Màɖo Nya Ŋu Le Kpekpeawo Me O

(10 min.)

Míedi be míakafu Yehowa tso dzi blibo me (Ps 138:1)

Ne èvɔ̃na be yeaɖo nya ŋu le kpekpeawo me la, bia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò (Ps 138:3)

Vɔvɔ̃ ate ŋu anye dzesi be nɔnɔme nyui aɖewo le mía si (Ps 138:6; w19.01 10 ¶10)

AÐAŊUÐOÐO: Ne míena míaƒe nyaŋuɖoɖowo le kpuie la, awɔe be míaɖe míaƒe dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ.—w23.04 21 ¶7.

2. Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

(10 min.)

  • Ps 139:​21, 22—Ðe wòle be Kristotɔwo natsɔ ake ame sia amea? (mwbr25.01 3 ¶3)

  • Mawu ƒe nyaa me kesinɔnu kawo ŋue nèke ɖo le kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ me si ŋu nèdi be yeaƒo nu tsoe?

3. Biblia Xexlẽ

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI

4. Dzeɖoɖo Gɔmedzedze

(3 min.) DUTOƑOÐASEÐIÐI. (lmd nusɔsrɔ̃ 2 ƒe xexlẽdzesi 3)

5. Nusrɔ̃lawo Wɔwɔ

(4 min.) DUTOƑOÐASEÐIÐI. Do Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe amea gbɔ eye nàwɔ ale si míesrɔ̃a nu kple amewoe wòakpɔ. (lmd nusɔsrɔ̃ 10 ƒe xexlẽdzesi 3)

6. Nuƒo

(5 min.) ijwyp nyati 105—Tanya: Ŋu Kpeam—Nu Kae Mate Ŋu Awɔ Tso Eŋu? (th nusɔsrɔ̃ 16)

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Hadzidzi 59

7. Àte Ŋu Awɔ Geɖe Le Subɔsubɔdɔa Me Ne Ŋu Kpea Wò Gɔ̃ Hã

(15 min.) Numedzodzro.

Ðe nènye ame si ŋu kpena eye mèdina be amewo nade dzesi ye oa? Ðe wò dzi nɔa tsotsom ne èdi be yeaƒo nu na ame aɖea? Ɣeaɖewoɣi la, ŋukpe ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míawɔ nu siwo míedi be míawɔ. Ke hã, ame siwo ŋu kpena la dometɔ geɖe te ŋu va le gbeƒã ɖem na amewo, eye wokpɔa dzidzɔ le esia wɔwɔ me gɔ̃ hã. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso wo gbɔ?

Na woaɖe VIDEO si nye: Mele Nye Ŋutete Katã Wɔm Togbɔ Be Ŋu Kpeam Hã. Eyome nàbia be:

  • Esi Nɔvinyɔnu Lee wɔ ɖe aɖaŋu si mamaa ɖo nɛ be wòawɔ eƒe ŋutete katã le Yehowa subɔsubɔ me dzi la, aleke esia ɖe vi nɛ?

Biblia ɖee fia be Mose, Yeremiya kple Timoteo hã anya kpe ŋu ɣeaɖewoɣi. (2Mo 3:11; 4:10; Yr 1:​6-8; 1Ti 4:12) Ke hã, wote ŋu wɔ geɖe le subɔsubɔa me elabe Yehowa nɔ kpli wo. (2Mo 4:12; Yr 20:11; 2Ti 1:​6-8)

Mixlẽ Yesaya 43:​1, 2. Eyome nàbia nya siawo:

  • Ŋugbe kae Yehowa do na esubɔlawo?

Aleke Yehowa ate ŋu akpe ɖe ame siwo ŋu kpena la ŋu be woawɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me kple dzidzɔ?

Na woaɖe VIDEO si nye: Ale Si Wò Nyɔnyrɔxɔxɔ Ana Nàkpɔ Dzidzɔ Geɖe Wu—Videoa Ƒe Akpa Aɖe. Eyome nàbia nya siawo:

  • Aleke Nɔvinyɔnu Jackson kpɔe be Yehowa le ŋusẽ dom ye hele kpekpem ɖe ye ŋu le subɔsubɔdɔa me?

  • Aleke gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe ame si ŋu kpena la ŋu?

8. Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃

Nyataƒonyawo (3 min.) | Hadzidzi 151 Kple Gbedodoɖa