Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

January 27–February 2

PSALMO 140-143

January 27–February 2

Hadzidzi 44 Kple Gbedodoɖa | Ŋgɔdonyawo (1 min.)

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME

1. Wɔ Nu Wòawɔ Ðeka Kple Wò Gbedodoɖawo

(10 min.)

Lɔ̃ faa nàxɔ aɖaŋuɖoɖo (Ps 141:5; w22.02 12 ¶13-14)

De ŋugble le ale si Yehowa kpe ɖe ŋuwò kple ale si wòkpe ɖe eƒe amewo ŋu le blema ŋu (Ps 143:5; w10 3/15 32 ¶4)

Dze agbagba nàbu nuwo ŋu abe ale si Yehowa bunɛ ene (Ps 143:10; w15 3/15 32 ¶2)

Menye nu siwo David ƒo koko bia Yehowa koe dze le Psalmo 140-143 me o, ke boŋ eƒo nu tso afɔ siwo wòɖe siwo wɔ ɖeka kple eƒe gbedodoɖawo hã ŋu.

2. Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

(10 min.)

  • Ps 140:3—Nu ka tae David tsɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖe sɔ kple da tɔ? (mwbr25.01 4 ¶3)

  • Mawu ƒe nyaa me kesinɔnu kawo ŋue nèke ɖo le kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ me si ŋu nèdi be yeaƒo nu tsoe?

3. Biblia Xexlẽ

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI

4. Dzeɖoɖo Gɔmedzedze

(4 min.) VOMEÐASEÐIÐI. Wɔ nu ŋutɔŋutɔ aɖe nàtsɔ akpe ɖe amea ŋu, eyome nàɖi ɖase nɛ. (lmd nusɔsrɔ̃ 3 ƒe xexlẽdzesi 5)

5. Dzeɖoɖoa Dzi Yiyi

(3 min.) DUTOƑOÐASEÐIÐI. Amea gblɔ na wò be vovo mele ye ŋu o. (lmd nusɔsrɔ̃ 7 ƒe xexlẽdzesi 3)

6. Wò Dzixɔsewo Me Ðeɖe

(5 min.) Wɔwɔfia. ijwfq nyati 21—Tanya: Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Melɔ̃na Wodoa Ʋu Na Wo O? (th nusɔsrɔ̃ 7)

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Hadzidzi 141

7. Dzra Ðo Hafi Wòava Hiã Be Woawɔ Dɔ Alo Atike Na Wò

(15 min.) Numedzodzro.

Yehowa do ŋugbe be yeanye míaƒe “xɔnametɔ si li ɖaa le xaxaɣiwo.” (Ps 46:1) Ne míedze dɔ eye wòhiã be woawɔ dɔ alo atike na mí la, esia ate ŋu ana míatsi dzimaɖi. Ke hã, Yehowa to eƒe habɔbɔa dzi na nu sia nu si míehiã be míatsɔ adzra ɖo ɖe nudzɔdzɔ mawo ŋu la mí. Nu mawo dometɔ aɖewoe nye Ameteƒenɔla Ƒe Ŋusẽ Si Nɔa Anyi Ðaa (DPA ʋugbalẽvia) kple Dzesidegbalẽvia (Identity Card), a atikewɔwɔ ŋuti nyatakaka bubuwo b kple Kɔdzi Kadodo Dzikpɔkɔmiti (HLC). Nu siawo kpena ɖe mía ŋu be míawɔ ɖe Mawu ƒe se si ku ɖe ʋu ŋu la dzi.—Dw 15:​28, 29.

Na woaɖe VIDEO si nye: Ðe Nèdzra Ðo Ðe Atikewɔnyawo Ŋua? Eyome nàbia nya siawo:

  • Aleke wòɖe vi na ame aɖewo esi wokpe DPA ʋugbalẽvia ɖo?

  • Aleke Nyatakaka Na Nyɔnu Funɔwo (S-401) gbalẽvia ɖe vi na nɔvi aɖewo?

  • Ne eva hiã be woasika ame aɖe ɖe kɔdzi, woawɔ dɔ nɛ, alo woawɔ atike nɛ atsɔ ada kansa alo dɔ bubu aɖe nɛ la, nu ka tae wòle be woayɔ Kɔdzi Kadodo Dzikpɔkɔmitia me tɔwo enumake ale si wòanya wɔ, ne edze abe ʋudonyawo mado mo ɖa o ene gɔ̃ hã?

8. Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃

(30 min.) bt ta 21 ¶14-22

Nyataƒonyawo (3 min.) | Hadzidzi 103 Kple Gbedodoɖa

a Gbeƒãɖela siwo xɔ nyɔnyrɔ ate ŋu ate ɖe hamea ƒe agbalẽdzikpɔla ŋu axɔ DPA gbalẽvia na wo ɖokui eye woaxɔ dzesidegbalẽvia na wo vi suewo.

b Ne èhiã agbalẽvi siwo nye Nyatakaka Na Nyɔnu Funɔwo (S-401), Nyatakaka Na Ame Siwo Wòhiã Be Woawɔ Dɔ Alo Kansatike Na (S-407), alo Nyatakaka Na Dzila Siwo Ƒe Vi Hiã Atikewɔwɔ (S-55) la, àte ŋu abia hamemetsitsiwo.