Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Àte Ŋu Ana Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomea Me

Àte Ŋu Ana Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomea Me

Yehowa di be ƒomewo nakpɔ dzidzɔ. (Ps 127:3-5; Nyg 9:9; 11:9) Gake kuxi siwo le xexea me kple vodada siwo ƒomea me tɔwo wɔna ate ŋu agblẽ míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ me. Nu kae ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ be dzidzɔ nanɔ ƒomea me?

Srɔ̃ŋutsu dea bubu srɔ̃a ŋu. (1Pe 3:7) Ekpɔa vovo ɖe eŋu. Mebia nu geɖe wu tso srɔ̃a si o, ke boŋ edaa akpe nɛ ɖe nu siwo wòwɔna na eya kple ƒomea ta. (Kol 3:15) Elɔ̃a srɔ̃a eye wòkafunɛ.—Lod 31:28, 31.

Srɔ̃nyɔnu dia mɔ siwo dzi wòato akpe ɖe srɔ̃a ŋu. (Lod 31:12) Ebɔbɔa eɖokui nɛ eye wòwɔa nu aduadu kplii. (Kol 3:18) Eƒoa nu na srɔ̃a bubutɔe eye wòƒoa nu nyui tsoa eŋu.—Lod 31:26.

Dzilawo kpɔa vovo ɖe wo viwo ŋu. (5Mo 6:6, 7) Wogblɔna na wo viwo be yewolɔ̃ wo. (Mt 3:17) Ne wole to hem na woa, wowɔnɛ le lɔlɔ̃ me eye wosea nu gɔme na wo.—Ef 6:4.

Ðeviwo dea bubu wo dzilawo ŋu eye woɖoa to wo. (Lod 23:22) Wogblɔa woƒe susuwo kple woƒe seselelãmewo na wo dzilawo. Wolɔ̃na faa wo dzilawo hea wo eye womedzea agla ɖe wo ŋu o.—Lod 19:20.

MIKPƆ WƆWƆFIA ƑE VIDEO SI NYE NA DZIDZƆ NANƆ WÒ ƑOMEA ME, EYE MIAÐO BIABIA SIA ŊU:

Nu kae ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe wɔ si na dzidzɔ le ƒomea me?