Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ezra le Se la xlẽm na dukɔa eye wòle Yehowa kafum

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME

“Dzidzɔ Si Tsoa Yehowa Gbɔe Nye Miaƒe Mɔ́ Sesẽ”

“Dzidzɔ Si Tsoa Yehowa Gbɔe Nye Miaƒe Mɔ́ Sesẽ”

Dukɔ la ƒo ƒu be yewoase Mawu ƒe Se si Ezra axlẽ (Neh 8:1, 2; w13 10/15 21 ¶2; kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi)

Dzidzɔɣi gã aɖee esia nye na wo le Yehowa subɔsubɔ me, ke menye ɣeyiɣi si woaxa nu ɖe nu vɔ̃ si wowɔ va yia ta o (Neh 8:9, 11, 12)

Dzidzɔ si tsoa Yehowa gbɔ nye mɔ́ sesẽ na esubɔlawo (Neh 8:10; w07 7/15 22 ¶9-10)

BIA ÐOKUIWÒ BE, ‘Susu kawo tae mate ŋu akpɔ dzidzɔ togbɔ be mele kuxiwo me tom hã?’