Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Míawɔ Gbeƒãɖeɖedɔ Tɔxɛ Aɖe Le September Me Atsɔ Aɖe Gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea!

Míawɔ Gbeƒãɖeɖedɔ Tɔxɛ Aɖe Le September Me Atsɔ Aɖe Gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea!

Le September mea, míadze agbagba etɔxɛ ana amewo nanya be Mawu Fiaɖuƒea koe ate ŋu akpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo gbɔ. (Mt 24:14) Nu kawoe nàte ŋu awɔ atsɔ akpe asi ɖe dɔ sia ŋu? Dze agbagba nàxlẽ ŋɔŋlɔ ɖeka aɖe si ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu na ame geɖe ale si nàte ŋui le ɣletia me. Ne ame aɖe tsɔ ɖe le nyaa mea, nɛ Gbetakpɔxɔ ƒe tata si míemana No. 2 2020. Dze agbagba nàtrɔ yi amea gbɔ kaba eye zã Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽ gbadza nàtsɔ adze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kplii. Ame siwo katã awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le September mea ate ŋu atiae be yewoazã gaƒoƒo 15 alo 30.

Madidi o, Mawu Fiaɖuƒea agbã dziɖuɖu siwo katã tsi tre ɖe eŋu. (Da 2:44; 1Ko 15:24, 25) Eya ta mina míawɔ mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ sia ŋu dɔ bliboe atsɔ aɖee afia be míele Yehowa kple eƒe Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi!