Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Taɖodzinu Kawoe Le Asiwò Le Subɔsubɔƒe Yeyea Me?

Taɖodzinu Kawoe Le Asiwò Le Subɔsubɔƒe Yeyea Me?

Taɖodzinu siwo le mía si le Yehowa subɔsubɔ mea nye nu siwo míeɖo be míawɔ ale be míasubɔ Yehowa nyuie wu eye míana wòakpɔ dzidzɔ. Taɖodzinu siawo kpena ɖe mía ŋu míeyia ŋgɔ le nyateƒea me, eye eɖea vi ŋutɔ ne míezã míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ ɖo wo gbɔ. (1Ti 4:15) Nu ka tae wòle be míanɔ ŋku lém ɖe taɖodzinu siwo le mía si ŋu enuenu? Elabe nɔnɔmeawo trɔna. Ðewohĩ taɖodzinu aɖe si míeɖo va yia gbɔ maganya ɖo fifia o, alo be míeɖo egbɔ vɔ eye wòagahiã be míaɖo bubu.

Ɣeyiɣi nyuitɔ si míate ŋu alé ŋku ɖe taɖodzinuwo ŋue nye do ŋgɔ na subɔsubɔƒe yeye ƒe gɔmedzedze. Ðe manyo be miadzro nya sia me le miaƒe ƒometadeagu me eye miaɖo taɖodzinu aɖewo na ƒomea alo ƒomea me tɔwo naɖo ɖewo na wo ɖokui oa?

Taɖodzinu kawoe nèɖo le nu siawo me, eye nu kawoe nèɖo be yeawɔ ale be nàte ŋu aɖo wo gbɔ?

Biblia xexlẽ, ɖokuisinusɔsrɔ̃, kpekpeawo dede, nyaŋuɖoɖo le kpekpeawo.—w02 6/15 14-15 ¶14-15

Gbeadzisubɔsubɔdɔ.—w23.05 27 ¶4-5

Kristotɔwo ƒe nɔnɔmewo.—w22.04 23 ¶5-6

Bubu aɖe: