Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Srɔ̃ Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃ Si Nu Metsina O

Srɔ̃ Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃ Si Nu Metsina O

Yehowae nye ame si ɖea lɔlɔ̃ si nu metsina o fiana wu ame bubu ɖe sia ɖe. (Ps 103:11) Menye seselelãme dzro aɖe si nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe koe lɔlɔ̃ sia nye o. Enye lɔlɔ̃ deto si bia be ame naku ɖe ame ŋu ɖaa. Yehowa ɖe lɔlɔ̃ sia fia eƒe dukɔ Israel le mɔ geɖe nu. Eɖe wo tso kluvinyenye me le Egipte eye wòkplɔ wo va Ŋugbedodonyigbaa dzi. (Ps 105:42-44) Exɔna na wo eye wòtsɔa nu vɔ siwo wowɔna ɖe eŋu enuenu kea wo. (Ps 107:19, 20) Ne ‘míedea ŋugble le Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o ŋu nyuiea,’ esia aʋã mí be míawo hã míaɖe lɔlɔ̃ sia afia.—Ps 107:43.

MIKPƆ WƆWƆFIA ƑE VIDEO SI NYE DE ŊUGBLE LE YEHOWA ƑE LƆLƆ̃ SI NU METSINA O ŊU NYUIE, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Mɔ kawo nue míate ŋu aɖe lɔlɔ̃ si nu metsina o afia le?

  • Nu ka tae wòahiã be míatsɔ nanewo asa vɔ hafi ate ŋu aɖe lɔlɔ̃ si nu metsina oa afia?