Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME

Nehemiya Di Be Yeasubɔ, Ke Menye Be Woasubɔ Ye O

Nehemiya Di Be Yeasubɔ, Ke Menye Be Woasubɔ Ye O

Nehemiya mezã ɖoƒe si wòlea tsɔ di eya ŋutɔ ƒe viɖe o (Neh 5:14, 15, 17, 18; w02 11/1 27 ¶3)

Nehemiya mekpɔ dɔa dzi ko o, eya ŋutɔ hã kpe asi ɖe eŋu (Neh 5:16; w16.09 6 ¶16)

Nehemiya bia Yehowa be wòaɖo ŋku ale si yetsɔ ye ɖokui na ɖe dukɔa ta dzi (Neh 5:19; w00 2/1 32)

Togbɔ be nutodziɖulae Nehemiya nye hãa, menɔ mɔ kpɔm be amewo nawɔ nu ɖe ye ŋu etɔxɛe o. Enye kpɔɖeŋu nyui na ame siwo le ŋgɔ xɔm le hamea me kple ame siwo si subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo lea be woasrɔ̃.

BIA ÐOKUIWÒ BE, ‘Ðe nu siwo mate ŋu awɔ na amewo le vevie nam wu nu siwo amewo ate ŋu awɔ nama?’