Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Wokua Kutri Subɔa Mí

Wokua Kutri Subɔa Mí

Nutome sue dzikpɔlawo kple wo srɔ̃wo lɔ̃ nɔvi siwo wovɛ subɔna vevie, eye wotsɔa wo ɖokui nana ɖe wo ta. Abe ale si wòle le mí katã gome enea, woƒe hiahiãwo li siwo gbɔ wòle be woakpɔ, eye ɣeaɖewoɣia, ɖeɖi tea wo ŋu, dzi ɖena le wo ƒo eye wotsia dzimaɖi. (Yak 5:17) Togbɔ be ele alea hãa, woƒe susu nɔa ale si woade dzi ƒo na nɔvi siwo wovɛ srãna kpɔ le hameawo mea ŋu kwasiɖa sia kwasiɖa. Nyateƒee, nutome sue dzikpɔlawo “dze na bubu teƒe eve.”—1Ti 5:17.

Esi apostolo Paulo wɔ ɖoɖo be yeavɛ srã hame si le Roma ne yeana “gbɔgbɔmenunana” aɖe nɔviawoa, enɔ mɔ kpɔm be ‘yewoade dzi ƒo na yewo nɔewo.’ (Ro 1:11, 12) Wò hã èbu nu siwo nàte ŋu awɔ atsɔ ade dzi ƒo na miaƒe nutome sue dzikpɔla kple srɔ̃a, ne srɔ̃ le esi, ŋua?

MIKPƆ VIDEO SI NYE NUTOME SUE DZIKPƆLA SIWO SUBƆNA LE NUTO SAÐEAGAWO ME, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Aleke nutome sue dzikpɔlawo kple wo srɔ̃wo ɖenɛ fiana be wolɔ̃ hamewo eye wotsɔa wo ɖokuiwo nana ɖe nɔviawo ta?

  • Aleke woƒe agbagbadzedzewo ɖe vi na wò ŋutɔ?

  • Aleke míate ŋu ade dzi ƒo na wo?