Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Fotoawo Tsoƒe: Axa 3: Kokkinakis v. Greece: Droit réservé

Tso miakpa dzi le etame yi ɖusime: West Virginia State Board of Education v. Barnette; Kokkinakis v. Greece; Taganrog LRO and Others v. Russia; Cha and Others v. South Korea

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Nya Nyuia ‘Ta Ʋiʋli Kple Eɖoɖo Anyi Le Se Nu’

Nya Nyuia ‘Ta Ʋiʋli Kple Eɖoɖo Anyi Le Se Nu’

Esi tsitretsiɖeŋulawo dze agbagba be yewoaxe mɔ na Israel-viwo be woagagbugbɔ gbedoxɔa atu oa, Israel-viwo wɔ nu sia nu si woate ŋui ale be woaxɔ mɔɖeɖe le se nu atu xɔa. (Ezr 5:11-16) Nenema kee Kristotɔ siwo li egbea wɔa nu sia nu si woate ŋui ale be woaʋli nya nyuia ta eye woaɖoe anyi le se nu. (Flp 1:7) Eya ta le ƒe 1936 mea, woɖo dɔwɔƒe aɖe ɖe habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã be wòakpɔ senyawo dzi. Egbea, Senyawo Dzikpɔƒe si le habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã ye wɔa ɖoɖo woʋlia Fiaɖuƒea ƒe nuwo ta le xexea me godoo. Aleke dɔwɔƒe sia kpea asi ɖe Fiaɖuƒea ƒe dɔwo ŋu, eye aleke esia ɖe vi na Mawu ƒe amewo?

MIKPƆ VIDEO SI NYE TSAÐIÐI LE SENYAWO DZIKPƆƑE SI LE HABƆBƆA ƑE DƆWƆƑEGÃ, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Senya kawoe wotsɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu?

  • Ʋɔnunya kawo mee míeɖu dzi le? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu

  • Nu kae mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ atsɔ akpe asi ɖe eŋu be woaʋli nya nyuia ta eye woaɖoe anyi le se nu?

  • Ne míedi be míakpɔ Yehowa Ðasefo siwo wolé de ga le woƒe xɔse ta ƒe ŋkɔwo kple senya siwo ku ɖe Mawu ƒe amewo ŋua, míaƒe nyatakakadzraɖoƒea ƒe akpa kae míakpɔe le?