Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

August 19-25

PSALMO 75-77

August 19-25

Hadzidzi 120 Kple Gbedodoɖa | Ŋgɔdonyawo (1 min.)

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME

1. Nu Ka Tae Mele Be Míaƒo Adegbe O?

(10 min.)

Adegbeƒolawo ƒe nu medzea Mawu ŋu o (Ps 75:4; 1Ti 3:6; w18.01 28 ¶4-5)

Dɔdeasi alo subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe si sua mía si le hamea me la nye nunana tso Yehowa gbɔ (Ps 75:​5-7; w06 7/15 11 ¶3)

Yehowa abɔbɔ dadalawo, le kpɔɖeŋu me dziɖula siwo doa wo ɖokui ɖe dzi la ɖe anyi (Ps 76:12)

2. Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

(10 min.)

  • Ps 76:10—Aleke “amegbetɔ ƒe dɔmedzoe” ate ŋu ahe kafukafu vɛ na Yehowa? (w06 7/15 11 ¶4)

  • Mawu ƒe nyaa me kesinɔnu kawo ŋue nèke ɖo le kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ me si ŋu nèdi be yeaƒo nu tsoe?

3. Biblia Xexlẽ

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI

4. Dzeɖoɖo Gɔmedzedze

(3 min.) VOMEÐASEÐIÐI. Ðe video aɖe le jw.org na amea le gbe si wòdi me, eye miadzro eme. (lmd nusɔsrɔ̃ 1 ƒe xexlẽdzesi 4)

5. Dzeɖoɖo Gɔmedzedze

(4 min.) TSO AƑE ME YI AƑE ME. Èle ɖase ɖim na ame aɖe eye wògblɔ be yemexɔ Mawu dzi se o; trɔ asi le wò nyawo ŋu be nàtrɔ ɖe nya si wòdo ɖa ŋu. (lmd nusɔsrɔ̃ 2 ƒe xexlẽdzesi 5)

6. Nusrɔ̃lawo Wɔwɔ

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Hadzidzi 127

7. Wɔ Nuteƒe Ne Wokafu Wò

(7 min.) Numedzodzro.

Na woaɖe VIDEOA: Wɔ Nuteƒe Abe Yesu Ene—Ne Wokafu Wò. Eyome nàbia be:

  • Nu kae nèsrɔ̃ tso ale si Simon bɔbɔ eɖokui esime wonɔ ekafum me?

8. Míawɔ Gbeƒãɖeɖedɔ Tɔxɛ Le September Me—Míazã Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! Gbalẽa Atsɔ Adze Biblia Sɔsrɔ̃ Gɔme Kple Amewo

(8 min.) Subɔsubɔdɔdzikpɔla ƒe nuƒo. De dzo nɔviawo me ɖe gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛ sia ŋu, eye nàƒo nu tso ɖoɖo siwo miewɔ le mia gbɔ ŋu.

9. Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃

Nyataƒonyawo (3 min.) | Hadzidzi 95 Kple Gbedodoɖa