Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

August 26–September 1

PSALMO 78

August 26–September 1

Hadzidzi 97 Kple Gbedodoɖa | Ŋgɔdonyawo (1 min.)

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME

1. Israel-viwo Ƒe Nuteƒemawɔmawɔ Nye Nuxlɔ̃ame Na Mí

(10 min.)

Israel-viwo ŋlɔ Yehowa ƒe nukudɔwo be (Ps 78:​11, 42; w96 12/1 29-30)

Israel-viwo mekpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo Yehowa na wo ŋu o (Ps 78:19; w06 7/15 17 ¶16)

Israel-viwo mesrɔ̃ nu tso woƒe vodadawo me o, eye womeyi edzi wɔ nuteƒe o (Ps 78:​40, 41, 56, 57; w11 7/1 10 ¶3-4)


DE ŊUGBLE LE NYA SIA ŊU: Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa?

2. Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

(10 min.)

  • Ps 78:​24, 25—Nu ka tae woyɔ mana be “nuɖuɖu si tso dziƒo” kple “ŋusẽtɔwo ƒe abolo”? (w06 7/15 11 ¶5)

  • Mawu ƒe nyaa me kesinɔnu kawo ŋue nèke ɖo le kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ me si ŋu nèdi be yeaƒo nu tsoe?

3. Biblia Xexlẽ

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI

4. Dzeɖoɖo Gɔmedzedze

(3 min.) TSO AƑE ME YI AƑE ME. Do Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe ame aɖe gbɔ. (lmd nusɔsrɔ̃ 5 ƒe xexlẽdzesi 5)

5. Dzeɖoɖo Gɔmedzedze

(3 min.) TSO AƑE ME YI AƑE ME. Zã trakt nàtsɔ adze dzeɖoɖo gɔme kple ame aɖe. Do Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe egbɔ. (lmd nusɔsrɔ̃ 5 ƒe xexlẽdzesi 4)

6. Dzeɖoɖo Gɔmedzedze

(1 min.) TSO AƑE ME YI AƑE ME. Amea na wò ɣeyiɣi vi aɖe ko. Do Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe egbɔ. (lmd nusɔsrɔ̃ 2 ƒe xexlẽdzesi 5)

7. Dzeɖoɖo Gɔmedzedze

(4 min.) VOMEÐASEÐIÐI. Mègagblɔ Biblia me nya aɖeke na amea o, gake le afi si wòasɔ le miaƒe dzeɖoɖoa me le la, na wòanya be Yehowa Ðasefoe nènye, eye nàdo Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe egbɔ. (lmd nusɔsrɔ̃ 2 ƒe xexlẽdzesi 4)

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Hadzidzi 96

8. Srɔ̃ Nu Tso Nyanyuigblɔla Filipo Ƒe Kpɔɖeŋua Me

(15 min.) Numedzodzro.

Biblia ƒo nu tso ame siwo ɖo kpɔɖeŋu nyuiwo kple ame siwo ɖo kpɔɖeŋu gbegblẽwo ŋu. Ele be míadi ɣeyiɣi adze agbagba asrɔ̃ nu tso kpɔɖeŋu siawo me. Azɔ hã, ele be míade ŋugble le nu siwo míesrɔ̃ ŋu, eye míawɔ tɔtrɔ siwo hiã le míaƒe agbenɔnɔ ŋu.

Nyanyuigblɔla Filipo nye Kristotɔ si “gbɔgbɔ kple nunya yɔ fũu.” (Dw 6:​3, 5) Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋua me?

Na woaɖe VIDEOA: Srɔ̃ Nu Tso Woƒe Kpɔɖeŋua Me—Filipo Nyanyuigblɔla La. Eyome nàbia nɔviawo woagblɔ nu siwo wosrɔ̃ le go siwo gbɔna me:

  • Ale si Filipo wɔ nui esi eƒe nɔnɔmeawo trɔ kpata.—Dw 8:​1, 4, 5

  • Yayra siwo Filipo kpɔ esi wòlɔ̃ faa be yeasubɔ le afi si hiahiã le.—Dw 8:​6-8, 26-31, 34-40

  • Ale si wòɖe vi na Filipo kple eƒe ƒomea esi wowɔ amedzro na nɔviawo.—Dw 21:​8-10

  • Viɖe si ƒome si le wɔwɔfia ƒe videoa me kpɔ esi wosrɔ̃ Filipo.

9. Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃

(30 min.) bt ta 14 ¶11-20

Nyataƒonyawo (3 min.) | Hadzidzi 101 Kple Gbedodoɖa