Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

August 5-11

PSALMO 70-72

August 5-11

Hadzidzi 59 Kple Gbedodoɖa | Ŋgɔdonyawo (1 min.)

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME

1. ‘Ðe Gbeƒã Mawu Ƒe Ŋusẽ Na Dzidzime Si Gbɔna’

(10 min.)

Yehowa kpɔ David ta tso eƒe ɖevime ke (Ps 71:5; w99 9/1 18 ¶17)

David kpɔe be Yehowa kpɔ ye ta le yeƒe tsitsime hã (Ps 71:9; mwbr24.07 7 ¶1)

David gblɔ nu siwo teƒe wòkpɔ la na dzidzime yeyewo tsɔ de dzi ƒo na wo (Ps 71:​17, 18; w14 1/15 23 ¶4-5)

BIA ÐOKUIWÒ BE, ‘Nɔvi siwo le Yehowa subɔm eteƒe didi, siwo le míaƒe hamea me la dometɔ kae madi be mabia gbe le míaƒe Ƒometadeagua wɔɣi?’

2. Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

(10 min.)

  • Ps 72:8—Aleke ŋugbe si Yehowa do na Abraham si dze le 1 Mose 15:18 va eme le Fia Salomo ƒe dziɖuɣi? (mwbr24.07 7 ¶4)

  • Mawu ƒe nyaa me kesinɔnu kawo ŋue nèke ɖo le kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ me si ŋu nèdi be yeaƒo nu tsoe?

3. Biblia Xexlẽ

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI

4. Dzeɖoɖo Gɔmedzedze

(3 min.) TSO AƑE ME YI AƑE ME. Èkpɔe be amea di be yeaʋli nya kpli ye; tso dzeɖoɖoa dzi tufafatɔe. (lmd nusɔsrɔ̃ 4 ƒe xexlẽdzesi 5)

5. Dzeɖoɖoa Dzi Yiyi

(4 min.) VOMEÐASEÐIÐI. Èɖo dze kple wò ƒometɔ aɖe va yi, eye nètrɔ yi be yewoayi dzeɖoɖoa dzi gake ele hehem ɖe megbe be yealɔ̃ miasrɔ̃ Biblia. (lmd nusɔsrɔ̃ 8 ƒe xexlẽdzesi 4)

6. Wò Dzixɔsewo Me Ðeɖe

(5 min.) Nuƒo. ijwfq 49—Tanya: Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Trɔa Woƒe Dzixɔse Aɖewo? (th nusɔsrɔ̃ 17)

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Hadzidzi 76

7. Nu Siwo Míate Ŋu Awɔ Le Ƒometadeagu Me

(15 min.) Numedzrodzro.

Ƒometadedeagu wɔwɔ le fiẽsiwo nye ɣeyiɣi vevi aɖe be ɖeviwo nasrɔ̃ “Yehowa ƒe amehehe kple nuxɔxlɔ̃.” (Ef 6:4) Nusɔsrɔ̃ bia dɔ geɖe, gake ate ŋu avivi ɖeviwo nu, vevietɔ ne wova le didim vevie be yewoanya Biblia me nyateƒea. (Yh 6:27; 1Pe 2:2) Midzro aɖaka si nye “ Miate Ŋu Awɔ Nu Siawo Le Ƒometadeagu Me.” Aɖaŋuɖoɖoawo akpe ɖe dzilawo ŋu woakpɔ ale si woana wo viwo nasrɔ̃ nu le Ƒometadedeagua me eye wòavivi wo nu, eyome miadzro biabia siawo me:

  • Aɖaŋuɖoɖo siawo dometɔ kae nàdi be yeate kpɔ?

  • Ðe nète mɔnu bubu aɖe kpɔ si ɖe via?

Na woaɖe VIDEOA: Mina Miaƒe Ƒometadedeagua Nanɔ Nyonyom Ðe Edzi. Eyome nàbia be:

  • Aleke srɔ̃ŋutsu ate ŋu ana ƒometadedeagua nagavivi srɔ̃a nu geɖe wu, ne viwo mele wo si o?

8. Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃

(30 min.) bt ta 13 ¶17-24

Nyataƒonyawo (3 min.) | Hadzidzi 123 Kple Gbedodoɖa