Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

July 15-21

PSALMO 63-65

July 15-21

Hadzidzi 108 Kple Gbedodoɖa | Ŋgɔdonyawo (1 min.)

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME

1. “Wò Amenuveve Nyo Wu Agbe”

(10 min.)

Ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Mawu xɔ asi sãsãsã wu agbe gɔ̃ hã (Ps 63:3; w01 10/15 15-16 ¶17-18)

Ne míedea ŋugble le ale si Yehowa ɖea lɔlɔ̃ fiaa mí ŋu la, esia ana míagakpɔ ŋudzedze ɖe eyama ŋu geɖe wu (Ps 63:6; w19.12 28 ¶4; w15 10/15 22 ¶7)

Ne míekpɔa ŋudzedze ɖe ale si Mawu ɖea lɔlɔ̃ fiaa mí ŋu la, esia aʋã mí be míatsɔ dzidzɔ agblɔ eŋunya na amewo (Ps 63:​4, 5; w09 7/15 16 ¶6)

MIATE ŊU AWƆ ESIA LE ƑOMETADEAGU ME: Midzro nu siwo Yehowa wɔ tsɔ ɖee fia be yelɔ̃ mi la me.

2. Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

(10 min.)

  • Ps 64:3—Aleke mawunyakpukpui sia kpe ɖe mía ŋu míekpɔe be ele be míaƒe nuƒoƒo natu ame ɖo ɣesiaɣi? (w07 11/15 15 ¶6)

  • Mawu ƒe nyaa me kesinɔnu kawo ŋue nèke ɖo le kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ me si ŋu nèdi be yeaƒo nu tsoe?

3. Biblia Xexlẽ

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI

4. Dzeɖoɖo Gɔmedzedze

(2 min.) TSO AƑE ME YI AƑE ME. Ame si nètu le aƒea me la mese gbe si dom nèle o. (lmd nusɔsrɔ̃ 3 ƒe xexlẽdzesi 4)

5. Dzeɖoɖo Gɔmedzedze

(2 min.) VOMEÐASEÐIÐI. Ènɔ dze ɖom kple ame aɖe gake mète ŋu ɖi ɖase nɛ hafi dzeɖoɖoa wu enu o. (lmd nusɔsrɔ̃ 2 ƒe xexlẽdzesi 4)

6. Dzeɖoɖo Gɔmedzedze

(3 min.) DUTOƑOÐASEÐIÐI. Bia amea nyati si ado dzidzɔ nɛ, eye nàwɔ ɖoɖo be miagava yi dzeɖoɖoa dzi. (lmd nusɔsrɔ̃ 1 ƒe xexlẽdzesi 5)

7. Wò Dzixɔsewo Me Ðeɖe

(4 min.) Wɔwɔfia. ijwfq 51—Tanya: Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Gaɖea Gbeƒã Na Ame Siwo Gblɔna Be Yewomedi Be Yewoasee O? (lmd nusɔsrɔ̃ 4 ƒe xexlẽdzesi 3)

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Hadzidzi 154

8. Ale Si Míaɖee Afia Mawu Be Míelɔ̃e

(15 min.) Numedzodzro.

Yehowa ƒe “lɔlɔ̃ si nu metsina o . . . sɔ gbɔ.” (Ps 86:15) “Lɔlɔ̃ si nu metsina o” bia be ame natsɔ eɖokui ana bliboe, wòawɔ nuteƒe, aɖi anukware, eye wòaku ɖe ame ŋu goŋgoŋ. Togbɔ be Yehowa lɔ̃ amegbetɔwo katã hã la, esubɔlawo siwo le ƒomedodo tɔxɛ me kplii koe wòɖea lɔlɔ̃ si nu metsina o fiana. (Ps 33:18; 63:3; Yh 3:16; Dw 14:17) Míate ŋu aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o ŋu ne míeɖenɛ fiana be míelɔ̃e. Aleke míate ŋu awɔ esiae? Eyae nye be míawɔ eƒe sewo dzi; esi nye be ‘míawɔ nusrɔ̃lawo’ hã le eme.—Mt 28:19; 1Yh 5:3.

Na woaɖe VIDEOA: Ðe Lɔlɔ̃ Si Nu Metsina O Fia Le Gbeƒãɖeɖedɔa Me. Eyome nàbia nya siawo:

Aleke lɔlɔ̃ aʋã mí míaɖe gbeƒã nya nyuia . . .

  • ne ɖeɖi te mía ŋu?

  • ne ame aɖewo medi be yewoaɖo to o?

  • ne míele míaƒe gbe sia gbe dɔwo wɔm?

9. Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃

(30 min.) bt ta 12 ¶14-20

Nyataƒonyawo (3 min.) | Hadzidzi 79 Kple Gbedodoɖa