Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

July 22-28

PSALMO 66-68

July 22-28

Hadzidzi 7 Kple Gbedodoɖa | Ŋgɔdonyawo (1 min.)

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME

1. Yehowa Tsɔa Míaƒe Agbawo Na Mí Gbe Sia Gbe

(10 min.)

Yehowa sea míaƒe gbedodoɖawo eye wòɖoa wo ŋu (Ps 66:19; w23.05 12 ¶15)

Yehowa tsɔ ɖe le eme na ame siwo dzi nu me de o (Ps 68:5; w10 12/1 23 ¶6; w09 4/1 31 ¶1)

Yehowa kpena ɖe mía ŋu gbe sia gbe (Ps 68:19; w23.01 19 ¶17)

DE ŊUGBLE LE NYA SIA ŊU: Aleke míaɖe mɔ na Yehowa be woatsɔ míaƒe agbawoe?

2. Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

(10 min.)

  • Ps 68:18—Le blema Israel la, ame kawoe nye “nunana siwo nye amewo”? (w06 6/1 10 ¶5)

  • Mawu ƒe nyaa me kesinɔnu kawo ŋue nèke ɖo le kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ me si ŋu nèdi be yeaƒo nu tsoe?

3. Biblia Xexlẽ

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI

4. Dzeɖoɖo Gɔmedzedze

(3 min.) TSO AƑE ME YI AƑE ME. Ame si nèva tu le aƒea me la ƒe dekɔnu to vovo na tɔ wò. (lmd nusɔsrɔ̃ 5 ƒe xexlẽdzesi 3)

5. Dzeɖoɖoa Dzi Yiyi

(4 min.) TSO AƑE ME YI AƑE ME. Èna trakt ame aɖe va yi eye mieɖo dze tso eŋu; miyi edzi miadzro trakt la me. (lmd nusɔsrɔ̃ 9 xexlẽdzesi 3)

6. Nusrɔ̃lawo Wɔwɔ

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Hadzidzi 102

7. Ðe Nàna Nɔvi Aɖe Ƒe Agbawo Dzi Naɖe Akpɔtɔ Nɛa?

(15 min.) Numedzodzro.

Mahiã be Mawu subɔla aɖeke nanɔ te ɖe agbemekuxiwo nu le eɖokui si o, elabe Yehowa li akpe ɖe mía ŋu. (2Kr 20:15; Ps 127:1; Yes 41:10) Mɔ kawo nue Yehowa kpena ɖe mía ŋu le? Efiaa mɔ mí to eƒe Nyaa kple eƒe habɔbɔa dzi. (Yes 48:17) Enaa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe triakɔ la mí. (Lk 11:13) Enana mía nɔviwo hã dea dzi ƒo na mí eye wokpena ɖe mía ŋu. (2Ko 7:6) Esia fia be Yehowa ate ŋu ato mía dometɔ ɖe sia ɖe dzi ana mía nɔvi Kristotɔ aɖe ƒe agbawo dzi naɖe akpɔtɔ nɛ.

Na woaɖe VIDEOA: Ðe Lɔlɔ̃ Si Nu Metsina O Fia Le Hamea Me—Lɔ̃ Ame Tsitsiwo. Eyome nàbia be:

  • Nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe nɔvi tsitsiwo ŋu be woƒe agbawo dzi naɖe akpɔtɔ?

Na woaɖe VIDEOA: Ðe Lɔlɔ̃ Si Nu Metsina O Fia Le Hamea Me —Lɔ̃ Ame Siwo Le Ɣeyiɣiawo Katã Ƒe Subɔsubɔdɔa Wɔm. Eyome nàbia be:

  • Nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔwɔlawo ŋu be woƒe agbawo dzi naɖe akpɔtɔ?

Na woaɖe VIDEOA: Ðe Lɔlɔ̃ Si Nu Metsina O Fia Le Hamea Me—Lɔ̃ Amedzrowo. Eyome nàbia be:

  • Nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ame siwo le nɔnɔme sesẽwo me tom ŋu be woƒe agbawo dzi naɖe akpɔtɔ?

8. Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃

Nyataƒonyawo (3 min.) | Hadzidzi 88 Kple Gbedodoɖa