Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

July 29–August 4

PSALMO 69

July 29–August 4

Hadzidzi 13 Kple Gbedodoɖa | Ŋgɔdonyawo (1 min.)

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME

1. Wogblɔ Nu Siwo Dzɔ Ðe Yesu Dzi La Ði Le Psalmo 69

(10 min.)

Wolé fu Yesu dzodzro (Ps 69:4; Yh 15:​24, 25; w11 8/15 11 ¶17)

Yesu tsɔ dzo ɖe tadedeagu vavã la ŋu (Ps 69:9; Yh 2:​13-17; w10 12/15 8 ¶7-8)

Yesu se veve vevie, eye wotsɔ wain si wotsɔ gbe veve tsaka nae be wòano (Ps 69:​20, 21; Mt 27:34; Lk 22:44; Yh 19:34; mwbr24.07 5 ¶5; mwbr24.07 6 ¶1)


DE ŊUGBLE LE NYA SIA ŊU: Nu ka tae Yehowa na woŋlɔ nyagblɔɖi siwo ku ɖe Mesiaa ŋu la ɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo me?

2. Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

(10 min.)

  • Ps 69:​30, 31—Aleke mawunyakpukpui sia akpe ɖe mía ŋu míana míaƒe gbedodoɖawo naganyo ɖe edzi? (w99 1/15 18 ¶11)

  • Mawu ƒe nyaa me kesinɔnu kawo ŋue nèke ɖo le kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ me si ŋu nèdi be yeaƒo nu tsoe?

3. Biblia Xexlẽ

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI

4. Gbɔ Dzi Ði—Ale Si Yesu Wɔe

(7 min.) Numedzodzro. Na woaɖe VIDEOA, eyome miadzro lmd nusɔsrɔ̃ 8 ƒe xexlẽdzesi 1-2 me.

5. Gbɔ Dzi Ði—Srɔ̃ Yesu

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Hadzidzi 134

6. Miaƒe Nuhiahiãwo

(5 min.)

7. Aɖaŋuɖoɖowo Na Ƒometadedeagu Wɔwɔ

(10 min.) Numedzodzro.

Le January 2009 me la, woƒo ƒu Hame Ƒe Agbalẽ Me Nusɔsrɔ̃ kpakple Teokrasi Subɔsubɔ Sukua kple Subɔsubɔ Kpekpea wòzu kpekpe ɖeka si woawɔ le kwasiɖa domedome. Esia na mɔnukpɔkpɔ ƒomewo be woawɔ ɖoɖo awɔ ƒometadedeagu le fiẽsi aɖe me kwasiɖa sia kwasiɖa. Ƒome geɖe kpɔ dzidzɔ ɖe ɖoɖo sia ŋu, elabe ele kpekpem ɖe wo ŋu be woagate ɖe Yehowa kple wo nɔewo ŋu geɖe ŋu.—5Mo 6:​6, 7.

Aɖaŋuɖoɖo kawoe ate ŋu akpe ɖe ƒome ƒe tawo ŋu be Ƒometadedeagua naɖe vi na wo?

  • Minɔ ewɔm edziedzi. Ne anya wɔ la, miɖo game aɖe ɖi koŋ si dzi mianɔ ƒometadedeagua wɔm kwasiɖa sia kwasiɖa. Miɖo ŋkeke bubu aɖe ɖi si dzi miawɔe le ne eva dzɔ be miete ŋu wɔe le ŋkeke si mieɖo koŋ la dzi o

  • Midzra ɖo ɖe eŋu. Àte ŋu ado ŋgɔ abia srɔ̃wò wòagblɔ nu siwo miawɔ le ƒometadedeagua me; àte ŋu abia viwòwo hã ɣeaɖewoɣi. Ne èle dzadzram ɖo la, mahiã be nàsrɔ̃ nu geɖe o, vevietɔ ne nu ɖeka ŋkume aɖewo wɔwɔ kwasiɖa sia kwasiɖa vivia wò ƒomea nu

  • Mitrɔ asi le eŋu be wòaɖe vi na ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe. Ne ɖeviwo le tsitsim la, woƒe nuhiahiãwo kple ŋutetewo trɔna. Eya ta trɔ asi le ƒometadedeagua ŋu be wòakpe ɖe ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe ŋu be wòate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli

  • Mikpɔ egbɔ be ame sia ame ɖe dzi ɖi le ƒometadeagua wɔɣi. Ɣeaɖewoɣi la, miate ŋu ava wɔe le gota ne yame ƒe nɔnɔme de ame dzi. Ne ehiã la, miate ŋu agbɔ ɖe eme viẽ miniti aɖewo. Togbɔ be miate ŋu aƒo nu tso ƒomea ƒe kuxi aɖewo ŋu le ƒometadeagua wɔɣi hã la, menye ɣemaɣie miahe nya ɖe ƒomea me tɔwo ŋu alo agbe nya na wo o

  • Miwɔ nu vovovowo. Le kpɔɖeŋu me, miate ŋu adzra ɖo ɖe hame ƒe kpekpe aɖe si miayi ŋu, miate ŋu akpɔ video aɖe le jw.org adzro eme, eye miate ŋu awɔ ale si miaɖi ɖase le gbeadzi ƒe wɔwɔfiawo. Togbɔ be Ƒometadedeagua nye ɣeyiɣi si ƒomea adzro nu me ɖekae hã la, miate ŋu aɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi le ewɔɣi be ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe nasrɔ̃ nu le eɖokui si

Midzro nyabiase sia me:

  • Aleke miele wɔwɔm ɖe aɖaŋuɖoɖo siawo dzi le miaƒe ƒometadedeagu me?

8. Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃

Nyataƒonyawo (3 min.) | Hadzidzi 114 Kple Gbedodoɖa