Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Nu Kae Nye Yehowa Ƒe Susu?

Nu Kae Nye Yehowa Ƒe Susu?

Hafi nàtso nya me le nu sue alo nu gã aɖe ŋu la, ɖe nèbiaa ɖokuiwò be, ‘Nu kae nye Yehowa ƒe susu le eŋu?’ Togbɔ be míate ŋu anya Yehowa ƒe susu le nu sia nu ŋu o hã, eɖe nu geɖe fia le eƒe Nyaa me be wòadzra mí ɖo na “dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.” (2Ti 3:16, 17; Ro 11:33, 34) Edze ƒãa be Yesu kpɔ nu si nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu dze sii, eye wòtsɔ ema ɖo nɔƒe gbãtɔ le eƒe agbe me. (Yh 4:34) Mina míasrɔ̃ Yesu, awɔ mía tɔ sinua atso nya me wòadze Yehowa ŋu.—Yh 8:28, 29; Ef 5:15-17.

MIKPƆ VIDEO SI NYE YI EDZI NÀNƆ DZESI DEM NU SI NYE YEHOWA ƑE LƆLƆ̃NU (3MO 19:18), EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Nu ka tae wòhiã be míawɔ Biblia me gɔmeɖosewo ŋu dɔ le míaƒe agbe me?

  • Biblia me gɔmeɖose kawoe wòle be woakpɔ ŋusẽ ɖe ha siwo míeƒona dzi?

  • Biblia me gɔmeɖose kawoe wòle be woakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe awudodo kple dzadzraɖo dzi?

  • Nu bubu kawo mee míate ŋu awɔ Biblia me gɔmeɖosewo ŋu dɔ le?

  • Aleke míawɔ aganya nu si Yehowa adi be míawɔ geɖe wu?

Nu kae nye nyametsotsowo ɖena fiana tso ale si nye kple Yehowa dome le ŋu?