Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Tia Nu Si Nètsɔ Ðea Modzakae La Nyuie

Tia Nu Si Nètsɔ Ðea Modzakae La Nyuie

Nu ka tae wòle be míatia nu si míetsɔ ɖea modzakae la nyuie? Elabena ne míetia film aɖe be míakpɔ, tia ha aɖe be míase, ayi nyatakakadzraɖoƒe aɖe le internet dzi, axlẽ agbalẽ aɖe, alo aƒo video dzi fefe aɖe la, ke míele nu siwo míade míaƒe susu me la tiam. Tiatia siwo míewɔna la kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi. Nublanuitɔe la, nu siwo medzea Yehowa ŋu o la bɔ ɖe modzakaɖenu gbogbo siwo li egbea la dometɔ geɖe me. (Ps 11:5; Ga 5:19-21) Le esia ta, Biblia xlɔ̃ nu mí be míayi edzi anɔ nu siwo dea bubu Yehowa ŋu la ŋu bum.—Flp 4:8.

MIKPƆ VIDEO SI NYE MODZAKAÐEÐE KAE MATIA? EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Aleke yivufefe si blema Romatɔwo wɔna la ɖi modzakaɖeɖe aɖewo siwo li egbea?

  • Aleke hamea me tɔwo ate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo ŋu be woatia modzakaɖeɖewo nyuie?

  • Ŋusẽ kae wòle be Romatɔwo 12:9 nakpɔ ɖe nu siwo míetsɔ ɖea modzakae dzi?

  • Modzakaɖeɖe siwo sɔ kawoe le miaƒe nutoa me?