Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | GALATIATƆWO 4-6

“Kpɔɖeŋu Si Wotsɔ Ðe Nu Tɔxɛ Aɖe Fia” Si Ŋu Gɔmesese Le Na Mí

“Kpɔɖeŋu Si Wotsɔ Ðe Nu Tɔxɛ Aɖe Fia” Si Ŋu Gɔmesese Le Na Mí

4:24-31

Apostolo Paulo zã “kpɔɖeŋu” sia tsɔ fia ale si nubabla yeyea ƒo Se ƒe nubabla la ta sãsãsã. Le Kristo kple ehati domenyilawo ƒe kpɔkplɔ te la, mɔnukpɔkpɔ ate ŋu asu amegbetɔwo katã si be woavo tso nu vɔ̃, blibomademade, nuxaxa kple ku si me.—Yes 25:8, 9.

 

HAGAR​—KOSI LA

Dzɔdzɔme Israel si nɔ Se ƒe nubablaa te, eye Yerusalem ye nye eƒe fiadu

SARA​—ABLƆÐE NYƆNU LA

Yerusalem si le dzi, si nye Mawu ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo

HAGAR ƑE “VIWO”

Yudatɔwo (ame siwo do ŋugbe na Yehowa be yewoawɔ ɖe Se ƒe nubablaa dzi) ti Yesu yome eye wogbee

SARA ƑE “VIWO”

Kristo kple Kristotɔ amesiamina 144,000 la

WONYE KLUVIWO NA SE ƑE NUBABLA LA

Sea ɖo ŋku edzi na dzɔdzɔme Israel-viwo be wonye kluvi na nu vɔ̃

NUBABLA YEYEA NAA ABLƆÐE

Kristo ƒe vɔsa xɔasia dzi xɔxɔ se, na míevo tso Sea ƒe fɔbuame me