Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

GBETAKPƆXƆ

Nyabiase: Èse nya siawo kpɔa?

Mawunyakpukpui: Yh 3:16

Nya Si Nàgblɔ: Gbetakpɔxɔ sia ƒo nu tso ale si Yesu ƒe fukpekpe kple eƒe ku ate ŋu aɖe vi na wòe ŋu.

GBETAKPƆXƆ (megbekpaa dzi)

Nyabiase: Kpɔ nyabiase sia kple ale si ame aɖewo ɖo eŋui ɖa. [Xlẽ nyabiase gbãtɔ kple ŋuɖoɖo vovovoawo.] Aleke nàɖo eŋui?

Mawunyakpukpui: Mt 4:1-4

Nya Si Nàgblɔ: Esi wònye be Abosam ƒo nu kple Yesu hetee kpɔ ta la, efia be ame ŋutɔŋutɔe Abosam nye ke menye vɔ̃ɖinyenye ƒe didi dzro aɖe ko o. Nya kae Biblia gagblɔ tso Abosam ŋu? Nyati sia gblɔ nya geɖe tso eŋu.

ŊKUÐODZIA ƑE AMEKPEGBALẼVI

Nya Si Nàgblɔ: “Míele amewo kpem hena wɔna vevi aɖe. [Tsɔ amekpegbalẽvia ɖeka na aƒemenɔlaa.] Le March 23 lia dzi la, ame miliɔn geɖe akpe ta le xexea me godoo ahaɖo ŋku Yesu ƒe kua dzi, eye woase Biblia me nuƒo aɖe femaxee si aɖe ale si Yesu ƒe kua ɖea vi na míi la me. Àkpɔ teƒe si woawɔe le le míaƒe nutoa me kple gamea le amekpegbalẽvi sia dzi. Míeɖe kuku dze agbagba nàva.”.

ŊLƆ WÒ ŊUTƆ WÒ DZEÐONYA ÐI

Nɔ te ɖe kpɔɖeŋudzeɖonyawo dzi nàdzra wò ŋutɔ wò dzeɖonya ɖo.