Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | HIOB 11-15

Hiob Ka Ðe Tsitretsitsia Dzi

Hiob Ka Ðe Tsitretsitsia Dzi

Hiob xɔe se be ŋutete le Mawu si be wòafɔ ye ɖe tsitre

14:7-9, 13-15

  • Hiob zã ati—ɖewohĩ amiti tsɔ wɔ kpɔɖeŋu na ale si wòka ɖe ŋutete si le Mawu si be wòafɔ ye ɖe tsitre la dzi

  • Amiti ƒe ke geɖe siwo yia to la wɔnɛ be ne wolã atia ɖa hã la, egadzena. Zi ale si eƒe kewo gakpɔtɔ li ko la, egadzena godoo

  • Ne ku ɖi ʋuu, eye emegbe tsi te dzadza la, amiti takpo si ku la gagbɔa agbe ake, eye eƒe kewo nana wògadzena hetoa “alɔ abe ati fẽ ene”