Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI

Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Dzra Wò Ŋutɔ Wò Magazine Nana Ƒe Dzeɖonyawo Ðo

Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Dzra Wò Ŋutɔ Wò Magazine Nana Ƒe Dzeɖonyawo Ðo

NU SI TA WÒLE VEVIE: Togbɔ be kpɔɖeŋudzeɖonya siwo dzena le kpekpea ƒe nusrɔ̃gbalẽa me ɖea vi hã la, kpɔɖeŋuwo koe wonye. Ele be nàzã wo ŋutɔ wò nyawo. Àte ŋu azã mɔnu bubu alo nyati bubu si ado dzidzɔ na amewo le wò anyigbamama me. Eya ta ne èxlẽ magazinea vɔ eye nèdzro kpɔɖeŋudzeɖonyawo me hekpɔ magazine nana ƒe videoawo vɔ la, àte ŋu azɔ ɖe mɔfiame siwo gbɔna dzi adzra wò ŋutɔ wò dzeɖonya ɖo.

ALE SI NÀWƆE:

Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe medi be mazã kpɔɖeŋudzeɖonyawo dometɔ ɖekaa?’

Ɛ̃

  • Dzra wò ŋgɔdonya ɖo. Ne èdo gbe na amea vɔ la, gblɔ susu si ta nèva egbɔ ɖo la kpuie. (Kpɔɖeŋu: “Susu si ta meva ɖoe nye . . . “)

  • Kpɔ egbɔ be nya si nàbia, mawunyakpukpui si nàxlẽ kple nya si nàgblɔ la de nu wo nɔewo me. (Kpɔɖeŋu: Ne èdi be yeaxlẽ mawunyakpukpui aɖe la, àte ŋu agblɔ be: “Biabia sia ƒe ŋuɖoɖo fakɔname aɖe dze le afii.”)

AO

  • Tia nyati aɖe tso magazinea me si do dzidzɔ na wò eye wòado dzidzɔ na amewo le wò anyigbamama me

  • Tia nya aɖe si me aƒemenɔlaa tsɔ ɖe le si ana nàkpɔ eƒe susu gake mele be wòanye nya si ana wòade vovo ge do kpoe o. (Kpɔɖeŋu: Nyabiase siwo dze le magazine sia ƒe axa 2 lia.)

  • Tia mawunyakpukpui si nàxlẽ. (Ne Nyɔ! nam nèle la, àte ŋu atiae be yeaxlẽ mawunyakpukpui loo alo yemaxlẽe o, elabe wotrɔ asi le magazine sia ŋu be wòado dzidzɔ na ame siwo menya nu boo tso Biblia ŋu loo alo meka ɖe subɔsubɔhawo dzi o.)

  • Dzra ɖo ɖe nya kpui aɖe ŋu nàgblɔ si aɖe ale si nyatia xexlẽ aɖe vi na aƒemenɔlae

WO DOMETƆ KAE NÈÐATIA O

  • Dzra ɖo ɖe nyabiase si ŋu nàva ɖo ne ègatrɔ yi egbɔ la hã ŋu

  • Wɔ nuŋlɔɖi si akpe ɖe ŋuwò nàɖo ŋku nya siwo nàdi be yeagblɔ ɣebubuɣi dzi